< Псалтирь 15 >
1 Псалом Давида. Господи! кто может пребывать в жилище Твоем? кто может обитать на святой горе Твоей?
David ƒe ha. Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?
2 Тот, кто ходит непорочно и делает правду, и говорит истину в сердце своем;
Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae. Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke
3 кто не клевещет языком своим, не делает искреннему своему зла и не принимает поношения на ближнего своего;
eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,
4 тот, в глазах которого презрен отверженный, но который боящихся Господа славит; кто клянется, хотя бы злому, и не изменяет;
ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o, ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti, ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ, gake megbea edziwɔwɔ o,
5 кто серебра своего не отдает в рост и не принимает даров против невинного. Поступающий так не поколеблется вовек.
ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o. Ame si wɔa nu siawo la, naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.