< Jób 37 >
1 Igenis, ezért remeg szívem s felszökken helyéből.
“Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe.
2 Hallva halljátok hangja háborgását s a morajt, mely szájából kél;
O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe kple bublu si le dodom tso eƒe nu me.
3 az egész ég alatt van terjedése és fénye a föld szélein.
Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã
4 Utána ordít a hang: dörög fenséges hangján, s nem tartja vissza, midőn hallatszik hangja.
Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo, ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe. Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o.
5 Csodásan dörög Isten a hangján, nagyokat tesz, s nem ismerjük meg.
Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi, ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese.
6 Mert a hónak mondja: szállj a földre, meg a hulló esőnek, hatalmasan hulló esőjének
Egblɔna na tsikpe be, ‘Dza ɖe anyigba dzi’ eye na tsi be, ‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’
7 Minden ember kezét lepecsételi, hogy megismerje alkotását minden halandó.
Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ, eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi.
8 S bemegy a vad a leshelyre, és tanyáiban lakozik.
Gbemelãwo sina bena eye wonɔa woƒe dowo me.
9 A kamarából szélvész jő és a szóró szelektől a hideg.
Ahom tsoa eƒe xɔa me vana eye ya sesẽwo hea vuvɔ vɛ.
10 Isten leheletétől jég keletkezik s a vizek tágassága szilárddá lesz.
Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe.
11 Nedvességgel meg is terheli a felleget, szétterjeszti fényének felhőjét.
Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me, ekakaa eƒe dzikedzo to wo me.
12 S az körökben egyre forog, kormányzása által, cselekvésök szerint, bár mire rendeli őket a földkerekség színén;
Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume, be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo.
13 hol ostorul, ha földjének javára van, hol szeretetre nyújtja.
Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo alo be woade tsi anyigba, ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo.
14 Figyelj erre, Jób, állj meg és vedd észre Isten csodáit!
“Hiob, ɖo to nàse nu sia, zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu.
15 Tudsz-e róla, midőn Isten ügyel rájuk, s tündökölteti felhőjének fényét?
Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii, eye wònana dzi kea dzoa?
16 Tudsz-e a fellegnek lengéséről, a tökéletes tudásúnak csodáiról?
Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea, ènya nukunu siwo nye ame si de blibo le gɔmesese me la tɔa?
17 Te, kinek melegek a ruhái, midőn a földet pihenteti a déli szél által.
Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me, ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko,
18 Vele boltozod a mennyeket, melyek erősek, mint a szilárd tükör?
àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me, nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea?
19 Tudasd velünk, mit mondjunk neki! Mit sem hozhatunk fel a sötétség miatt.
“Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí, míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o elabena míawo míele viviti me.
20 Jelentetik-e neki, hogy beszélek, avagy szólt-e ember, hogy elpusztíttassék?
Wonegblɔ nɛ be medi be maƒo nua? Ɖe ame aɖe abia be wonemi ye agbagbea?
21 Most ugyan nem látni a fényt, mely ragyogó a mennyekben; de a szél átvonul s megtisztítja azokat.
Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ, esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie.
22 Észak felől arany jön, Isten mellett félelmes fenség.
Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo. Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me.
23 A Mindenhatót, nem érjük őt fel, a nagy erejűt, de a jogot és teljes igazságot nem sérti meg.
Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo, le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la, metea ame aɖeke ɖe anyi o.
24 Azért félik őt az emberek, nem nézi ő mind a bölcsszívűeket.
Eya ta amewo dea bubu eŋu elabena ɖe medea bubu ame siwo katã ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”