< תהילים 50 >
מזמור לאסף אל אלהים יהוה-- דבר ויקרא-ארץ ממזרח-שמש עד-מבאו | 1 |
Asaf ƒe ha. Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.
מציון מכלל-יפי-- אלהים הופיע | 2 |
Mawu klẽ tso Zion le eƒe anidzedze blibo la me.
יבא אלהינו ואל-יחרש אש-לפניו תאכל וסביביו נשערה מאד | 3 |
Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.
יקרא אל-השמים מעל ואל-הארץ לדין עמו | 4 |
Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,
אספו-לי חסידי-- כרתי בריתי עלי-זבח | 5 |
“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam, ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”
ויגידו שמים צדקו כי-אלהים שפט הוא סלה | 6 |
Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. (Sela)
שמעה עמי ואדברה-- ישראל ואעידה בך אלהים אלהיך אנכי | 7 |
“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge, O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò, elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la.
לא על-זבחיך אוכיחך ועולתיך לנגדי תמיד | 8 |
Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o.
לא-אקח מביתך פר ממכלאתיך עתודים | 9 |
Nyemehiã nyitsu tso wò nyikpo me, alo gbɔ̃wo tso wò gbɔ̃kpo me o,
כי-לי כל-חיתו-יער בהמות בהררי-אלף | 10 |
elabena avemelãwo katã tɔnye wonye, kple nyi siwo le togbɛ akpewo dzi.
ידעתי כל-עוף הרים וזיז שדי עמדי | 11 |
Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi, eye nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le gbe me la tɔnyee wonye.
אם-ארעב לא-אמר לך כי-לי תבל ומלאה | 12 |
Ne dɔe le wuyem la, nyemagblɔe na wò o, elabena xexea me kple nu siwo katã le eme la nye tɔnye.
האוכל בשר אבירים ודם עתודים אשתה | 13 |
Ɖe meɖua nyilã alo noa gbɔ̃wo ƒe ʋua?
זבח לאלהים תודה ושלם לעליון נדריך | 14 |
“Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu, eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la.
וקראני ביום צרה אחלצך ותכבדני | 15 |
Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”
ולרשע אמר אלהים מה-לך לספר חקי ותשא בריתי עלי-פיך | 16 |
Ke Mawu le gbɔgblɔm na ame vɔ̃ɖi la be: “Mɔ ka nèkpɔ be nàxlẽ nye sewo afia, alo alé nye nubabla la ɖe nu?
ואתה שנאת מוסר ותשלך דברי אחריך | 17 |
Wò la èlé fu nye nufiame, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbe.
אם-ראית גנב ותרץ עמו ועם מנאפים חלקך | 18 |
Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii, eye nèdea ha kple ahasitɔwo.
פיך שלחת ברעה ולשונך תצמיד מרמה | 19 |
Nya vlowo doa go le nuwò, eye wò aɖe blea ame.
תשב באחיך תדבר בבן-אמך תתן-דפי | 20 |
Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu, eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu.
אלה עשית והחרשתי-- דמית היות-אהיה כמוך אוכיחך ואערכה לעיניך | 21 |
Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe, eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene, gake maka mo na wò, eye mado asi ɖe mo na wò.
בינו-נא זאת שכחי אלוה פן-אטרף ואין מציל | 22 |
“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.
זבח תודה יכבדנני ושם דרך--אראנו בישע אלהים | 23 |
Ame si na akpedavɔsa la, de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”