< Psalmowo 68 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Mawu tso, na wò futɔwo naka hlẽ, na wò ketɔwo nasi le nuwò.
Al Vencedor: de David: Salmo de Canción. Levántese Dios, sean esparcidos sus enemigos, y huyan delante de El los que le aborrecen.
2 Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.
Como es lanzado el humo, los lanzarás; como se derrite la cera delante del fuego, así perecerán los impíos delante de Dios.
3 Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ, atso aseye le Mawu ŋkume; na woakpɔ dzidzɔ, eye woatu aglo.
Mas los justos se alegrarán; se gozarán delante de Dios, y saltarán de alegría.
4 Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;
Cantad a Dios, cantad salmos a su Nombre; ensalzad al que cabalga sobre los cielos; JAH es su Nombre, y alegraos delante de él.
5 eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo, ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.
Padre de huérfanos y defensor de viudas, es Dios en la morada de su santuario;
6 Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me, enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo. Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
el Dios que hace habitar en familia a los solos; que saca a los aprisionados con grillos; mas los rebeldes habitan en sequedad.
7 O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ, hezɔ to gbegbe la, (Sela)
Oh Dios, cuando tú saliste delante de tu pueblo, cuando anduviste por el desierto, (Selah)
8 anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu, si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu, Israel ƒe Mawu la ŋkume.
la tierra tembló; también destilaron los cielos su lluvia ante la presencia de Dios; aquel Sinaí tembló delante de Dios, del Dios de Israel.
9 O! Mawu, èna tsi dza fũu, eye nèna wò domenyinu si nu ti kɔ na belibelibeli la gakpɔ ŋusẽ.
Abundante lluvia esparciste, oh Dios, a tu heredad; y cuando se cansó, tú la recreaste.
10 Mawu, wò amewo yi ɖanɔ edzi, eye tso wò nu gbogboawo me, èna nu ame dahewo.
Tu compañía estaba en ella; por tu bondad, oh Dios, has provisto al pobre.
11 Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la, eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be,
El Señor dará palabra; de los evangelizadores habrá grande ejército.
12 “Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba, elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me.
Huyan, huyan reyes de ejércitos; y la moradora de la casa partía los despojos.
13 Esi miele alɔ̃ dɔm le lãkpowo dome la, wotsɔ klosalo fa ɖe nye ahɔnɛ ƒe aʋala ŋu, eye wotsɔ sika si le keklẽm la fa ɖe eƒe fuwo ŋuti.”
Aunque seáis echados entre las ollas, seréis como las alas de la paloma cubierta de plata, y sus plumas con amarillez de oro.
14 Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la, enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene.
Cuando esparcía el Omnipotente los reyes que estuvieron en ella, se emblanqueció ésta como la nieve en Salmón.
15 Basan towo ƒe dzedzeme kple kɔkɔme nya kpɔ ŋutɔ; to tsaklitsakliwo Basan toawo nye.
Monte de Dios es el monte de Basán; monte alto el de Basán.
16 O! To tsaklitsakliwo, nu ka ta mietsɔ ŋuʋaʋã ƒe ŋku le to si Mawu tia be wòanye yeƒe fiazikpui ƒe nɔƒe kple Yehowa ŋutɔ ƒe nɔƒe tegbee la kpɔmii?
¿Por qué saltasteis, oh montes altos? Este monte amó Dios para su asiento; ciertamente el SEÑOR habitará en él para siempre.
17 Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.
Los carros de Dios son dos millares de miles de ángeles, el Señor entre ellos, como en Sinaí, así en el santuario.
18 Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe, èxɔ nunana tso amewo gbɔ, tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò, O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma.
Subiste a lo alto, cautivaste la cautividad, tomaste dones para los hombres, y también para los rebeldes, para que habite entre ellos JAH Dios.
19 Kafukafu woana Aƒetɔ, Mawu míaƒe Ɖela, ame si tsɔa míaƒe agbawo gbe sia gbe. (Sela)
Bendito el Señor; cada día nos colma de beneficios el Dios de nuestra salud. (Selah)
20 Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame; ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi.
Dios, nuestro Dios ha de salvarnos; y el Señor DIOS tiene salidas para la muerte.
21 Vavã, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo kple dzodome na ame siwo gale woƒe nu vɔ̃wo dzi yim.
Ciertamente Dios herirá la cabeza de sus enemigos, la cabelluda mollera del que camina en sus pecados.
22 Aƒetɔ la gblɔ be, “Makplɔ wo vɛ tso Basan; makplɔ wo ado goe tso atsiaƒu ƒe gogloƒe ke,
El Señor dijo: De Basán haré volver, te haré volver de lo profundo del mar:
23 be nàklɔ afɔ ɖe wò futɔwo ƒe ʋu me, eye wò avuwo ƒe aɖewo hã nakpɔ wo tɔ gome.”
Porque tu pie se embermejecerá de sangre de tus enemigos, y de ella la lengua de tus perros.
24 O! Mawu, wole míaƒe azɔlime kpɔm, wole ale si nye Mawu kple fianye zɔ ge ɖe kɔkɔeƒe lae la kpɔm.
Vieron tus caminos, oh Dios; los caminos de mi Dios, de mi Rey, en el santuario.
25 Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe, hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome.
Los cantores iban delante, los tañedores detrás; en medio, las doncellas, con panderos.
26 Mikafu Mawu le ameha gã la dome. Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me.
Bendecid a Dios en las congregaciones; al Señor, vosotros del linaje de Israel.
27 Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo, Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma, eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma.
Allí estaba Benjamín, pequeño, señoreándolos, príncipes de Judá en su congregación, príncipes de Zabulón, príncipes de Neftalí.
28 O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ; O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene.
Tu Dios ha ordenado tu fuerza; confirma, oh Dios, lo que has obrado en nosotros.
29 Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la, fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò.
Desde tu templo en Jerusalén; a ti ofrecerán los reyes dones.
30 Blu ɖe lã wɔadã siwo le aƒlawo me kple nyitsuwo ƒe ha siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta. Netsɔ klosalokɔ gãwo vɛ le ɖokuibɔbɔ me. Kaka dukɔ siwo aʋawɔwɔ doa dzidzɔ na.
Reprende escuadrón de lanza, escuadrón de fuertes con señores de pueblos hollándolos con sus piezas de plata; destruye los pueblos que quieren guerras.
31 Ame dɔdɔwo atso Egipte ava, eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te.
Vendrán príncipes de Egipto; Etiopía apresurará sus manos a Dios.
32 O! Mi anyigbadzifiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na Aƒetɔ la, (Sela)
Reinos de la tierra, cantad a Dios, cantad al Señor (Selah)
33 Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.
Al que cabalga sobre los cielos de los cielos de antigüedad; he aquí dará su voz, poderosa voz.
34 Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ, ame si ƒe atsyɔ̃ le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli ŋu.
Atribuid fortaleza a Dios; sobre Israel es su magnificencia, y su fortaleza está en las nubes.
35 O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!
Terrible eres, oh Dios, desde tus santuarios; el Dios de Israel, él da fortaleza y fuerzas a su pueblo. Bendito el Dios.

< Psalmowo 68 >