< Psalmowo 39 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ Yedutun. Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.”
われ曩にいへり われ舌をもて罪ををかさざらんために我すべての途をつつしみ惡者のわがまへに在るあひだはわが口に衝をかけんと
2 Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo, eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la, nye vevesese do ga ɖe edzi.
われ默して唖となり善言すらことばにいださず わが憂なほおこれり
3 Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam; esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi; tete meƒo nu kple nye aɖe.
わが心わがうちに熱し おもひつづくるほどに火もえぬればわれ舌をもていへらく
4 “O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam; eye na manya ale si nye agbe le du dzii.
ヱホバよ願くはわが終とわが日の數のいくばくなるとを知しめたまへ わが無常をしらしめたまへ
5 Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. (Sela)
觀よなんぢわがすべての日を一掌にすぎさらしめたまふ わがかいのち主前にてはなきにことならず 實にすべての人は皆その盛時だにもむなしからざるはなし (セラ)
6 “Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.
人の世にあるは影にことならず その思ひなやむことはむなしからざるなし その積蓄ふるものはたが手にをさまるをしらず
7 “Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.
主よわれ今なにをかまたん わが望はなんぢにあり
8 Ɖem tso nye vodadawo katã me, eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o.
ねがはくは我ぞすべて愆より助けいだしたまへ 愚なるものに誹らるることなからしめたまへ
9 Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o, elabena wòe wɔ esia.
われは默して口をひらかず 此はなんぢの成したまふ者なればなり
10 Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa; wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba.
願くはなんぢの責をわれよりはなちたまへ 我なんぢの手にうちこらさるるによりて亡ぶるばかりになりぬ
11 Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta; ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene, ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. (Sela)
なんぢ罪をせめて人をこらし その慕ひよろこぶところのものを蠧のくらふがごとく消うせしめたまふ 實にもろもろの人はむなしからざるなし (セラ)
12 “O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.
ああヱホバよねがはくはわが祈をきき わが號呼に耳をかたぶけたまへ わが涙をみて默したまふなかれ われはなんぢに寄る旅客すべてわが列祖のごとく宿れるものなり
13 Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi, eye nyemaganɔ anyi o.”
我ここを去てうせざる先になんぢ面をそむけてわれを爽快ならしめたまへ