Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Psalms Chapter 39 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Psalms/39 1) David ƒe ha na hɛnɔ Yedutun. Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.” 2) Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo, eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la, nye vevesese do ga ɖe edzi. 3) Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam; esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi; tete meƒo nu kple nye aɖe. 4) “O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam; eye na manya ale si nye agbe le du dzii. 5) Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. (Sela) 6) “Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o. 7) “Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò. 8) Ɖem tso nye vodadawo katã me, eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o. 9) Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o, elabena wòe wɔ esia. 10) Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa; wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba. 11) Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta; ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene, ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. (Sela) 12) “O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene. 13) Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi, eye nyemaganɔ anyi o.” Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!