< Psalmowo 21 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me. Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta!
Éternel, le roi se réjouit de ta puissance, et quelle allégresse lui donne ton salut!
2 Ètsɔ nu si eƒe dzi di la nɛ, eye nèwɔ nu siwo wòtsɔ eƒe nu bia la dzi nɛ. (Sela)
Tu lui as accordé le désir de son cœur, et ne lui as pas refusé la prière de ses lèvres. (Sélah)
3 Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ.
Car tu l'as prévenu par des bénédictions excellentes; tu as mis sur sa tête une couronne d'or fin.
4 Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me.
Il te demandait la vie; tu la lui as donnée, une longue durée de jours, à perpétuité, à jamais.
5 Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi.
Sa gloire est grande par ta délivrance; tu le revêts de splendeur et de majesté.
6 Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me.
Car tu fais de lui l'objet de tes bénédictions pour toujours, tu le combles de joie en ta présence.
7 Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o.
Le roi met sa confiance en l'Éternel, et par la bonté du Très-Haut, il ne sera point ébranlé.
8 Wò asi alé wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo.
Ta main atteindra tous tes ennemis, ta droite atteindra ceux qui te haïssent.
9 Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã.
Tu les rendras tels qu'un four ardent, quand tu paraîtras; l'Éternel les engloutira dans sa colère, et le feu les consumera.
10 Àtsrɔ̃ woƒe dzidzimeviwo ɖa le anyigba dzi, eye àtsrɔ̃ woƒe nunɔamesiwo ɖa le amegbetɔwo dome.
Tu feras périr leur fruit de dessus la terre, et leur race d'entre les fils des hommes.
11 Togbɔ be wole vɔ̃ ɖom ɖe ŋuwò, eye wowɔ ɖoɖowo be woasẽ ŋuta le ŋuwò hã la, madze edzi na wo o,
Car ils ont projeté du mal contre toi; ils ont formé des desseins qu'ils ne pourront exécuter.
12 elabena ne èdidi wò aŋutrɔ ɖe wo dzi la, woatrɔ ʋu me ade wò adzo.
Car tu les mettras en fuite, tu armeras ton arc contre leur face.
13 Ède ŋgɔ, O! Yehowa, le wò ŋusẽ me; eya ta míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ.
Élève-toi, ô Éternel, dans ta force! Nous chanterons et nous célébrerons ta puissance!