Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Psalms Chapter 21 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Psalms/21 1) David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me. Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta! 2) Ètsɔ nu si eƒe dzi di la nɛ, eye nèwɔ nu siwo wòtsɔ eƒe nu bia la dzi nɛ. (Sela) 3) Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ. 4) Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me. 5) Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi. 6) Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me. 7) Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o. 8) Wò asi alé wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo. 9) Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã. 10) Àtsrɔ̃ woƒe dzidzimeviwo ɖa le anyigba dzi, eye àtsrɔ̃ woƒe nunɔamesiwo ɖa le amegbetɔwo dome. 11) Togbɔ be wole vɔ̃ ɖom ɖe ŋuwò, eye wowɔ ɖoɖowo be woasẽ ŋuta le ŋuwò hã la, madze edzi na wo o, 12) elabena ne èdidi wò aŋutrɔ ɖe wo dzi la, woatrɔ ʋu me ade wò adzo. 13) Ède ŋgɔ, O! Yehowa, le wò ŋusẽ me; eya ta míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!