< Psalmowo 111 >

1 Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome.
הללו-יה אודה יהוה בכל-לבב בסוד ישרים ועדה
2 Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem; ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti.
גדלים מעשי יהוה דרושים לכל-חפציהם
3 Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee.
הוד-והדר פעלו וצדקתו עמדת לעד
4 Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla.
זכר עשה לנפלאותיו חנון ורחום יהוה
5 Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe.
טרף נתן ליראיו יזכר לעולם בריתו
6 Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo.
כח מעשיו הגיד לעמו-- לתת להם נחלת גוים
7 Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ; nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii,
מעשי ידיו אמת ומשפט נאמנים כל-פקודיו
8 elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me.
סמוכים לעד לעולם עשוים באמת וישר
9 Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu.
פדות שלח לעמו-- צוה-לעולם בריתו קדוש ונורא שמו
10 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.
ראשית חכמה יראת יהוה-- שכל טוב לכל-עשיהם תהלתו עמדת לעד

< Psalmowo 111 >