Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Psalms Chapter 111 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Psalms/111 1) Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome. 2) Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem; ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti. 3) Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee. 4) Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla. 5) Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe. 6) Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo. 7) Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ; nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii, 8) elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me. 9) Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu. 10) Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!