< Lododowo 9 >

1 Nunya tu eƒe xɔ eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te.
智慧はその家を建て その七の柱を砍成し
2 Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.
その畜を宰り その酒を混和せ その筵をそなへ
3 Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be,
その婢女をつかはして邑の高處に呼はりいはしむ
4 “Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be,
拙者よここに來れと また智慧なき者にいふ
5 “Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ.
汝等きたりて我が糧を食ひ わがまぜあはせたる洒をのみ
6 Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.
拙劣をすてて生命をえ 聡明のみちを行め
7 “Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu.
嘲笑者をいましむる者は恥を己にえ 惡人を責むる者は疵を己にえん
8 Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya.
嘲笑者を責むることなかれ 恐くは彼なんぢを惡まん 智慧ある者をせめよ 彼なんぢを愛せん
9 Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu, fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti.
智慧ある者に授けよ 彼はますます智慧をえん 義者を教へよ 彼は知識に監まん
10 “Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese
ヱホバを畏るることは智慧の根本なり 聖者を知るは聡明なり
11 elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo.
我により汝の日は多くせられ 汝のいのちの年は増べし
12 Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.”
汝もし智慧あらば自己のために智慧あるなり 汝もし嘲らば汝ひとり之を負ん
13 Nyɔnu bometsila la le ɣli dom, womekplae o eye menya nu hã o.
愚なる婦は嘩しく且つたなくして何事をも知らず
14 Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu, enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake
その家の門に坐し邑のたかき處にある座にすわり
15 le ame siwo va le eme tsom la yɔm, ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be,
道をますぐに過る往來の人を招きていふ
16 “Mí ame siwo katã nye bebewuwo la, mige ɖe eme le afii!” Egblɔna na ame siwo menya nu o la be,
拙者よここに來れと また智慧な在りき人にむかひては之にいふ
17 “Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!”
竊みたる水は甘く密かに食ふ糧は美味ありと
18 Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o. (Sheol h7585)
彼處にある者は死し者その客は陰府のふかき處にあることを是等の人は知らざるなり (Sheol h7585)

< Lododowo 9 >