Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Proverbs Chapter 9 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Proverbs/9 1) Nunya tu eƒe xɔ eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te. 2) Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã. 3) Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be, 4) “Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be, 5) “Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ. 6) Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me. 7) “Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu. 8) Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya. 9) Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu, fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti. 10) “Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese 11) elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo. 12) Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.” 13) Nyɔnu bometsila la le ɣli dom, womekplae o eye menya nu hã o. 14) Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu, enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake 15) le ame siwo va le eme tsom la yɔm, ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be, 16) “Mí ame siwo katã nye bebewuwo la, mige ɖe eme le afii!” Egblɔna na ame siwo menya nu o la be, 17) “Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!” 18) Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o. (Sheol h7585) Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!