< Hiob 7 >

1 “Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa?
La vie de l’homme sur la terre est un temps de service, et ses jours sont comme ceux du mercenaire.
2 Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,
Comme l’esclave soupire après l’ombre, comme l’ouvrier attend son salaire,
3 nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le kple zã siwo me hiãtuame le la nam.
ainsi j’ai eu en partage des mois de douleur, pour mon lot, des nuits de souffrance.
4 Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli.
Si je me couche, je dis: « Quand me lèverai-je? Quand finira la nuit? » et je suis rassasié d’angoisses jusqu’au jour.
5 Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.
Ma chair se couvre de vers et d’une croûte terreuse, ma peau se gerce et coule.
6 “Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.
Mes jours passent plus rapides que la navette, ils s’évanouissent: plus d’espérance!
7 O Mawu, ɖo ŋku edzi be, nye agbe la, ƒuƒu ko wònye, nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.
O Dieu, souviens-toi que ma vie n’est qu’un souffle! Mes yeux ne reverront pas le bonheur.
8 Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o, miadim eye nyemanɔ anyi o.
L’œil qui me regarde ne m’apercevra plus; ton œil me cherchera, et je ne serai plus.
9 Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la, nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o. (Sheol h7585)
Le nuage se dissipe et passe; ainsi celui qui descend au schéol ne remontera plus; (Sheol h7585)
10 Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.
il ne retournera plus dans sa maison; le lieu qu’il habitait ne le reconnaîtra plus.
11 “Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.
C’est pourquoi je ne retiendrai pas ma langue, je parlerai dans l’angoisse de mon esprit, j’exhalerai mes plaintes dans l’amertume de mon âme.
12 Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be, nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?
Suis-je la mer ou un monstre marin, pour que tu poses une barrière autour de moi?
13 Ne mebu be nye aba afa akɔ nam eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,
Quand je dis: « Mon lit me soulagera, ma couche calmera mes soupirs, »
14 ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.
alors tu m’effraies par des songes, tu m’épouvantes par des visions.
15 Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia.
Ah! Mon âme préfère la mort violente, mes os appellent le trépas.
16 Menyɔ ŋu nye agbe, nyemanɔ agbe ɖaa o. Ɖe asi le ŋunye, viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.
Je suis en proie à la dissolution, la vie m’échappe pour jamais; laisse-moi, car mes jours ne sont qu’un souffle.
17 “Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea, be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,
Qu’est-ce que l’homme, pour que tu en fasses tant d’estime, que tu daignes t’occuper de lui,
18 be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?
que tu le visites chaque matin, et qu’à chaque instant tu l’éprouves?
19 Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?
Quand cesseras-ru d’avoir le regard sur moi? Quand me laisseras-tu le temps d’avaler ma salive?
20 Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla, nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò? Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale? Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?
Si j’ai péché, que puis-je te faire, ô Gardien des hommes? Pourquoi me mettre en butte à tes traits, et me rendre à charge à moi-même?
21 Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o? Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me, àdim gake nyemaganɔ anyii o.”
Que ne pardonnes-tu mon offense? Que n’oublies-tu mon iniquité? Car bientôt je dormirai dans la poussière; tu me chercheras, et je ne serai plus.

< Hiob 7 >