Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Job Chapter 7 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Job/7 1) “Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa? 2) Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la, 3) nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le kple zã siwo me hiãtuame le la nam. 4) Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli. 5) Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm. 6) “Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee. 7) O Mawu, ɖo ŋku edzi be, nye agbe la, ƒuƒu ko wònye, nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o. 8) Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o, miadim eye nyemanɔ anyi o. 9) Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la, nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o. (Sheol h7585) 10) Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o. 11) “Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me. 12) Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be, nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea? 13) Ne mebu be nye aba afa akɔ nam eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la, 14) ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam. 15) Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia. 16) Menyɔ ŋu nye agbe, nyemanɔ agbe ɖaa o. Ɖe asi le ŋunye, viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o. 17) “Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea, be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe, 18) be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe? 19) Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa? 20) Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla, nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò? Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale? Ɖe mezu agba ɖe dziwòa? 21) Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o? Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me, àdim gake nyemaganɔ anyii o.” Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!