< Hiob 28 >

1 “Klosalokuƒe li eye teƒe li si wololõa sika le.
銀子有礦; 煉金有方。
2 Wokua gayibɔ le tome eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe.
鐵從地裏挖出; 銅從石中鎔化。
3 Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti, etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ kekeake me hena tomenuwo.
人為黑暗定界限, 查究幽暗陰翳的石頭,直到極處,
4 Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ, teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o; teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.
在無人居住之處刨開礦穴, 過路的人也想不到他們; 又與人遠離,懸在空中搖來搖去。
5 Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ le tome abe dzo me wòto ene.
至於地,能出糧食, 地內好像被火翻起來。
6 Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me.
地中的石頭有藍寶石, 並有金沙。
7 Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o
礦中的路鷙鳥不得知道; 鷹眼也未見過。
8 Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o, eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o.
狂傲的野獸未曾行過; 猛烈的獅子也未曾經過。
9 Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawo eye wòna towo te dze go.
人伸手鑿開堅石, 傾倒山根,
10 Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome eye eƒe ŋkuwo kpɔa eƒe nu xɔasi vovovowo katã.
在磐石中鑿出水道, 親眼看見各樣寶物。
11 Etsana le tsidzɔƒewo eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu.
他封閉水不得滴流, 使隱藏的物顯露出來。
12 “Ke afi ka woakpɔ nunya le? Afi ka gɔmesese nɔna?
然而,智慧有何處可尋? 聰明之處在哪裏呢?
13 Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o, womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
智慧的價值無人能知, 在活人之地也無處可尋。
14 Gogloƒe gblɔ be, ‘Menye tɔnyee o,’ Atsiaƒu gblɔ be, ‘Mele gbɔnye o,’
深淵說:不在我內; 滄海說:不在我中。
15 Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.
智慧非用黃金可得, 也不能平白銀為它的價值。
16 Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo, oniks kple safir o.
俄斐金和貴重的紅瑪瑙, 並藍寶石,不足與較量;
17 Sika alo kristalkpe masɔ kplii o eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.
黃金和玻璃不足與比較; 精金的器皿不足與兌換。
18 Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.
珊瑚、水晶都不足論; 智慧的價值勝過珍珠。
19 Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.
古實的紅璧璽不足與比較; 精金也不足與較量。
20 “Ekema afi ka nunya tso? Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
智慧從何處來呢? 聰明之處在哪裏呢?
21 Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.
是向一切有生命的眼目隱藏, 向空中的飛鳥掩蔽。
22 Tsiẽƒe kple ku gblɔ be, ‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’
滅沒和死亡說: 我們風聞其名。
23 Mawue nya egbɔmɔ eye eya koe nya afi si wòle.
上帝明白智慧的道路, 曉得智慧的所在。
24 Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.
因他鑒察直到地極, 遍觀普天之下,
25 Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi, hedzidze tsiwo vɔ,
要為風定輕重, 又度量諸水;
26 esi wòwɔ se na tsidzadza, heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la,
他為雨露定命令, 為雷電定道路。
27 enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔ eye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ.
那時他看見智慧,而且述說; 他堅定,並且查究。
28 Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’”
他對人說:敬畏主就是智慧; 遠離惡便是聰明。

< Hiob 28 >