< Hiob 27 >

1 Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be,
Moreover Job continued his discourse, and said:
2 “Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ, ame si do vevesese na nye luʋɔ be,
As God liveth, who hath rejected my cause, And the Almighty, who hath afflicted my soul;
3 zi ale si agbe le menye, Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la,
As long as my breath is in me, And the spirit of God is in my nostrils,
4 nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o.
Never shall my lips speak falsehood, Nor my tongue utter deceit.
5 Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o va se ɖe esi maku la, nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o.
God forbid that I should acknowledge you to be just: To my last breath will I assert my integrity.
6 Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o. Zi ale si mele agbe la, nye dzitsinya mado vlom o.
I will hold fast my innocence, and not let it go; My heart reproacheth me for no part of my life.
7 “Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene!
May mine enemy be as the wicked, And he that riseth up against me as the unrighteous!
8 Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa?
For what is the hope of the wicked, when God cutteth off his web, And taketh away his life?
9 Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo, ne eɖo xaxa mea?
Will he listen to his cry, When trouble cometh upon him?
10 Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua? Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia?
Can he delight himself in the Almighty, And call at all times upon God?
11 “Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o.
I will teach you concerning the hand of God; That which is with the Almighty I will not conceal.
12 Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã. Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo?
Behold, ye yourselves have all seen it; Why then do ye cherish such vain thoughts?
13 “Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
This is the portion of the wicked man from God, —The inheritance which oppressors receive from the Almighty.
14 Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o.
If his children be multiplied, it is for the sword; And his offspring shall not be satisfied with bread.
15 Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ eye woƒe ahosiwo mafa na wo o.
Those of them that escape shall be buried by Death, And their widows shall not bewail them.
16 Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene, wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la,
Though he heap up silver as dust, And procure raiment as clay, —
17 ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo.
He may procure, but the righteous shall wear it, And the innocent shall share the silver.
18 Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui ƒe azi si wòƒo teti ko la ene eye wòanɔ abe zãɖialawo ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene.
He buildeth his house like the moth, Or like the shed which the watchman maketh.
19 Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la, naneke megali o.
The rich man lieth down, and is not buried; In the twinkling of an eye he is no more.
20 Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me.
Terrors pursue him like a flood; A tempest stealeth him away in the night.
21 Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo, ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe.
The east wind carrieth him away, and he perisheth; Yea, it sweepeth him away from his place.
22 Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe, esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe.
God sendeth his arrows at him, and doth not spare; He would fain escape from His hand.
23 Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe eye wònyae ɖa le enɔƒe.”
Men clap their hands at him, And hiss him away from his place.

< Hiob 27 >