Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Job Chapter 27 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Job/27 1) Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be, 2) “Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ, ame si do vevesese na nye luʋɔ be, 3) zi ale si agbe le menye, Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la, 4) nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o. 5) Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o va se ɖe esi maku la, nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o. 6) Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o. Zi ale si mele agbe la, nye dzitsinya mado vlom o. 7) “Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene! 8) Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa? 9) Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo, ne eɖo xaxa mea? 10) Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua? Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia? 11) “Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o. 12) Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã. Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo? 13) “Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. 14) Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o. 15) Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ eye woƒe ahosiwo mafa na wo o. 16) Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene, wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la, 17) ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo. 18) Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui ƒe azi si wòƒo teti ko la ene eye wòanɔ abe zãɖialawo ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene. 19) Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la, naneke megali o. 20) Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me. 21) Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo, ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe. 22) Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe, esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe. 23) Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe eye wònyae ɖa le enɔƒe.” Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!