< Yesaya 15 >

1 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu: woatsrɔ̃ Ar le Moab, woagbãe le zã! Woatsrɔ̃ Kir le Moab, woagbã wo le zã!
The burden of Moab. Because in the night Ar of Moab is laid waste, [and] brought to silence; because in the night Kir of Moab is laid waste, [and] brought to silence;
2 Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli, eye wolũ woƒe ge hã hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe woƒe mawu Nebo kple Medeba ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo.
He is gone up to Bajith, and to Dibon, the high places, to weep: Moab shall howl over Nebo, and over Medeba: on all their heads [shall be] baldness, [and] every beard shorn.
3 Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam.
In their streets they shall gird themselves with sackcloth: on the tops of their houses, and in their streets, every one shall howl, weeping abundantly.
4 Ame siwo le Hesbon kple Eleale le avi fam sesĩe ale gbegbe be, woƒe ɣlidodo ɖo keke Yahaz. Esia na be Moab ƒe aʋawɔlawo wo avi gboo, eye dzi ɖe le wo ƒo.
And Heshbon shall cry, and Elealeh: their voice shall be heard [even] to Jahaz: therefore the armed soldiers of Moab shall cry out; his life shall be grievous to him.
5 Nye dzi le nu xam le Moab ŋu. Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar, eye wode Eglat Selisia ke. Woyi Luhit to dzi kple avifafa, eye le Horonaim mɔ dzi la, wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti.
My heart shall cry out for Moab; his fugitives [shall flee] to Zoar, a heifer of three years old: for they shall go up the ascent of Luhith with weeping; for in the way of Horonaim they shall raise a cry of destruction.
6 Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o.
For the waters of Nimrim shall be desolate: for the herb is withered away, the grass faileth, there is no green thing.
7 Ale woƒe kesinɔnu siwo wokpɔ heli kɔe ɖi la, woatsɔe atso Amutitɔʋu lae.
Therefore the abundance they have gained, and that which they have laid up, shall they carry away to the brook of the willows.
8 Woƒe konyifaɣli le ɖiɖim le Moab ƒe liƒowo dzi; woƒe avifafa ɖo keke Eglaim, eye woƒe konyifafa ɖo Beer Elim.
For the cry hath gone round the borders of Moab, her howling to Eglaim, and her howling to Beer-elim.
9 Dimon tɔsisiwo yɔ fũu kple ʋu, gake mahe nu vɔ̃ɖi wu esia ava Dimon dzi. Dzata aɖo Moab ƒe aʋasilawo kple ame siwo susɔ ɖe anyigba dzi la dome.
For the waters of Dimon shall be full of blood: for I will bring more upon Dimon, lions upon him that escapeth of Moab, and upon the remnant of the land.

< Yesaya 15 >