Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Isaiah Chapter 15 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Isaiah/15 1) Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu: woatsrɔ̃ Ar le Moab, woagbãe le zã! Woatsrɔ̃ Kir le Moab, woagbã wo le zã! 2) Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli, eye wolũ woƒe ge hã hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe woƒe mawu Nebo kple Medeba ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo. 3) Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam. 4) Ame siwo le Hesbon kple Eleale le avi fam sesĩe ale gbegbe be, woƒe ɣlidodo ɖo keke Yahaz. Esia na be Moab ƒe aʋawɔlawo wo avi gboo, eye dzi ɖe le wo ƒo. 5) Nye dzi le nu xam le Moab ŋu. Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar, eye wode Eglat Selisia ke. Woyi Luhit to dzi kple avifafa, eye le Horonaim mɔ dzi la, wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti. 6) Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o. 7) Ale woƒe kesinɔnu siwo wokpɔ heli kɔe ɖi la, woatsɔe atso Amutitɔʋu lae. 8) Woƒe konyifaɣli le ɖiɖim le Moab ƒe liƒowo dzi; woƒe avifafa ɖo keke Eglaim, eye woƒe konyifafa ɖo Beer Elim. 9) Dimon tɔsisiwo yɔ fũu kple ʋu, gake mahe nu vɔ̃ɖi wu esia ava Dimon dzi. Dzata aɖo Moab ƒe aʋasilawo kple ame siwo susɔ ɖe anyigba dzi la dome. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!