< Mudre Izreke 2 >

1 Sine moj, ako primiš moje riječi i pohraniš u sebi moje zapovijedi,
Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,
2 i uhom svojim osluhneš mudrost i obratiš svoje srce razboru;
ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese,
3 jest, ako prizoveš razum i zavapiš za razborom;
ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese,
4 ako ga potražiš kao srebro i tragaš za njim kao za skrivenim blagom -
ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la,
5 tada ćeš shvatiti strah Gospodnji i naći ćeš Božje znanje.
ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu
6 Jer Jahve daje mudrost, iz njegovih usta dolazi znanje i razboritost.
elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.
7 On pravednicima pruža svoju pomoć, štit je onih koji hode u bezazlenosti.
Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,
8 Jer on štiti staze pravde i čuva pute svojih pobožnika.
elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.
9 Tada ćeš shvatiti pravdu, pravicu, pravednost i sve staze dobra,
Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,
10 jer će mudrost ući u tvoje srce i spoznaja će obradovati tvoju dušu.
elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ.
11 Oprez će paziti na te i razboritost će te čuvati:
Tamebubu nyui akpɔ tawò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.
12 da te izbavi od zla puta, od varava čovjeka,
Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi, tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me,
13 od onih koji ostavljaju staze poštenja te idu mračnim putovima;
ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi,
14 koji se vesele čineći zlo i likuju u opačinama zloće;
ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na, eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu,
15 kojih su staze krive i koji su opaki na svojim putovima;
ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.
16 da te izbavi od preljubnice i od tuđinke koja laska riječima;
Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me
17 koja ostavlja prijatelja svoje mladosti i zaboravlja zavjet svoga Boga
ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o
18 jer joj kuća tone u smrt i njezini putovi vode mrtvima.
elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ.
19 Tko god zalazi k njoj ne vraća se nikad i ne nalazi više putove života.
Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.
20 Zato idi putem čestitih i drži se staza pravedničkih!
Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.
21 Jer samo će pravedni nastavati zemlju i bezazleni će ostati na njoj.
Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi
22 A opake će zbrisati sa zemlje i bogohulnike iščupati iz nje.
gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.

< Mudre Izreke 2 >