< 詩篇 30 >

1 【病後感恩歌】 聖殿祝聖的詩歌,達味作。 上主,我稱揚你,因為你救拔了我,你也沒有使我的仇敵向我自誇。
David ƒe ha na gbedoxɔ la ŋutikɔkɔ. O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o.
2 上主,我一向你呼號,我主,你便醫治了我。
O! Yehowa, nye Mawu, mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm.
3 上主,你由陰府中把我救出,又使我安全復生,免降幽谷。 (Sheol h7585)
O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o. (Sheol h7585)
4 上主的聖民,請向上主歌頌,稱謝上主的聖名。
Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
5 因為上主的忿怒,瞬息消散;上主的恩愛卻要終生綿延。晚間雖令人哭涕,清晨卻使人歡喜。
Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me.
6 我曾自誇說過,我永不會動搖。
Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, “Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.”
7 上主,你恩待我,使我立足於穩固山岡;但是你一掩面,我便立刻感到失措驚惶。
O! Yehowa, esi nève nunye la, èna nye to li ke zã, gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la, nye mo tsi dãa.
8 上主,我曾向你呼號,我曾向我主哀求說:
Yehowa, wòe meyɔ, Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam.
9 我如果降入陰府,我的血於你何益?灰土豈能讚美你,或宣揚你的忠義?
“Viɖe kae le eme ne donyeme gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?
10 上主,請俯聽我,憐憫我;上主,求你前來助佑我。
See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui; O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.”
11 你把我的哀痛,給我變成了舞蹈,脫去了我的苦衣給我披上喜樂;
Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam,
12 為此,我的心靈歌頌你,永不止息;上主,我的天主,我要永遠稱謝你!
ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe.

< 詩篇 30 >