< 尼希米記 3 >

1 大司祭厄肋雅史布和他的弟兄司祭們動工,修建羊門;上了門框,安裝了門、插關和門閂,一直修到默阿堡,又修到哈納乃耳堡。
Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ.
2 在他們旁邊,有耶里哥人修理;在他們旁邊,有依默黎的兒子匝雇爾修建。
Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me.
3 色納阿的子孫修建魚門;他們上了門框,安裝了門、插關和門閂;
Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu.
4 在他們旁邊,有哈科茲的孫子,烏黎雅的兒子默勒摩特修理;在他旁邊,有默舍匝貝耳的孫子,貝勒革雅的兒子默叔藍修理;在他旁邊,有巴阿納的兒子匝多克修理;
Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo.
5 在他旁邊,有特科亞人修理,但是他們中有權勢的人,在這工程上,不肯服從主管人。
Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o.
6 帕色亞的兒子約雅達和貝索德雅的兒子默叔藍,修理新市區的城門;他們上了門框,安裝了門、插關和門閂。
Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo.
7 靠著他們,有基貝紅人默拉提雅和默洛諾特人雅東冬,以及基貝紅人和米茲帕人修理,經費出自河西州長。
Ame siwo wɔ dɔ ɖe wo yome la woe nye Melatia tso Gibeon, Yadon tso Meronot kple ŋutsu siwo tso Gibeon kple Mizpa; teƒe siawo katã le mɔmefia si le Frat Tɔsisi la godo la te.
8 在他們旁邊,有金業工會的會員烏齊耳修理;在他旁邊,有製藥工會的哈納尼雅修理;他們修理耶路撒冷城牆,直至廣場。
Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke.
9 在他們旁邊,有胡爾的兒子勒法雅修理,他是耶路撒冷半市區的區長。
Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe.
10 在他旁邊,有哈魯瑪夫的兒子耶達雅,對著自己的房子修理;在他旁邊,有哈沙貝乃雅的兒子哈突士修理。
Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi.
11 哈陵的兒子瑪耳基雅和帕哈特摩阿布的兒子哈叔布,修理下一段,直到爐堡。
Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu.
12 在他們旁邊,有哈羅赫士的兒子,耶路撒冷另一半市區的區長沙隆,和他的女兒們一起修理。
Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo.
13 哈農和匝諾亞的居民修理谷門,他們修起來,安上了門、插關和門閂,又修了一千肘長的牆,直到糞門。
Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu.
14 勒加布的兒子貝特革楞區的區長瑪耳基雅,和他的兒子們修理了糞門,安裝了門、插關和門閂。
Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu.
15 苛耳曷則的兒子,即米茲帕區的區長沙隆,修理了泉門,修起來蓋了頂,安裝了門、插關和門閂;他又由靠近御苑的史羅亞池,修理城牆,直到由達味城下來的石級前。
Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.
16 其後由阿次步克的兒子,即貝特族爾半區的區長乃赫米雅修理,直到達味陵的對面,經人造持池,直到御林軍營。
Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke.
17 其後由肋未人巴尼的兒子勒洪修理;在他旁邊,有刻依拉半區的區長哈沙彼雅,為自己的地區修理;
Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me.
18 其後由他們的兄弟,赫納達得的兒子彼奴依,即刻依拉另一半區的區長修理;
Ame siwo kplɔe ɖo la woe nye eƒe hlɔ̃metɔwo. Wowɔ dɔ le Bawai, Henadad ƒe vi, ame si nye Keila nuto la ƒe afã evelia dziɖula la ƒe dzikpɔkpɔ te.
19 在他旁邊,有耶叔亞的兒子厄則爾,即米茲帕的區長,修理另一段,即面對軍械庫上坡的轉角。
Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi.
20 其後由匝拜的兒子巴魯客修理另一段,即由轉角,直到大司祭厄樂雅史布的府門。
Emegbe la, Baruk, Zebai ƒe vi, ɖo gli la tso dzogoe la dzi yi Eliasib, nunɔlagã la, ƒe aƒe gbɔ.
21 其後由哈科茲的孫子,烏黎雅的兒子莫勒摩特修理另一段,即由厄樂雅史布的府門,至厄樂雅史布家的盡頭。
Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa.
22 其後由住在耶里哥平原的司祭修理。
Ame siwo wɔ dɔ kplɔ wo ɖo la woe nye nunɔla siwo tso nuto siwo ƒo xlã wo la me.
23 其後由本雅名和哈叔布,對著自己的家修理;其後由阿納尼雅的孫子,瑪阿色雅的兒子阿匝黎雅,修理自己家旁的一段;
Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu.
24 其後由赫納達得的兒子彼奴依修理另一段,即由阿匝黎雅家至轉角。
Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi,
25 其後由烏齋的兒子帕拉耳修理轉角對面,即上王宮監獄廣場上那突出的城堡;其後由帕洛士的兒子培達雅修理;
eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo.
26 直到水門,在轉向東,直到突出的城堡前的一段。
Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ.
27 其後由特科亞人修理從突出的城堡對面,直到敖斐耳牆的另一段。
Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la.
28 自馬門以上,司祭各對著自己的房屋修理;
Le Sɔgbo la tame, nunɔlawo ɖɔ gli si le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo.
29 其後由依默爾的兒子匝多克,對著自己的房屋修理;其後由舍加尼雅的兒子舍瑪雅,及東門的守衛修理;
Zadok, Imer ƒe vi, hã gbugbɔ gli si le eƒe aƒe kasa la ɖo. Semaya, Sekania ƒe vi, Ɣedzeƒegbo la ŋudzɔla, kplɔe ɖo.
30 其後由舍肋米雅的兒子哈納尼雅,和匝拉弗的第六子哈農修理另一段;其後由貝勒革雅的兒子默叔藍,對著自己的住宅修理;
Le esia yome Hananiya, Selemia ƒe vi, Hanun, Zalaf ƒe viŋutsu adelia kple Mesulam, Berekia ƒe vi woɖo gli la le woƒe aƒewo ŋu.
31 其後由金業公會的瑪耳機雅修理直到獻身者和商人的住宅,面對更門,直到角堡的一段。
Malkiya, sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka ɖo gli la va ɖo keke gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe nɔƒe kple asitsalawo ƒe takpeƒe le “Mustagbo” la ƒe akpa kemɛ heyi dziƒoxɔ la gbɔ le dzogoe la dzi.
32 由城角堡到羊門中間的一段,歸金匠和商人修理。
Sikaɖaŋuwɔla kple asitsala bubuawo wu gli la nu tso dzogoe ma dzi yi ɖatɔ Alẽgbo la.

< 尼希米記 3 >