< 以斯拉記 2 >
1 以下是由被擄充軍回國本省子民,即當初巴比倫王據往巴比倫去的人,如今回到耶路撒冷和猶大,各回了本城。
Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye.
2 他們同責魯巴貝耳、耶叔亞、乃赫米雅、色辣雅、勒厄拉、納哈瑪尼、摩爾德開、彼耳商、米斯帕爾、彼革外、勒洪、巴阿納一起回來了。以下是以色列人男子的數目:
Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana: Ame siwo tso Israelviwo dome woe nye:
Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve.
Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve.
Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃.
6 帕哈特摩阿布的子孫,即耶叔亞和約阿布的子孫,二千八百一十二名;
Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve.
Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene.
Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃.
Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade.
Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve.
Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃.
Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene.
Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade.
Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade.
Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi.
Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve.
Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃.
Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade.
Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve.
25 克黎雅特耶阿陵人、革非辣人和貝洛特人,共七百四十三名;
Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃.
Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ.
Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve.
Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve.
Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade.
Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve.
Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃.
Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃.
Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃.
36 司祭:有耶達雅的子孫,即耶叔亞家族,九百七十三名;
Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃.
Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve.
Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre.
Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre.
40 肋未人:曷達委雅的後裔,耶叔亞和卡德米耳的子孫,共七十四名。
Levitɔwo: Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene.
Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
42 門丁:有沙隆的子孫,阿特爾的子孫,塔耳孟的子孫,阿谷布的子孫,哈提達的子孫,芍拜的子孫,,共一百三十九名。
Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo: Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ.
43 獻身者:有漆哈的子孫,哈穌法的子孫,塔巴敖特的子孫,
Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye:
51 巴步刻的子孫,哈谷法的子孫,哈爾胡爾的子孫,
Bakbuk, Hakufa, Harhur,
52 巴茲路特的子孫,默希達的子孫,哈爾沙的子孫,
Bazlut, Mehida, Harsa,
53 巴爾科斯的子孫,息色辣的子孫,特瑪赫的子孫,
Barkos, Sisera, Tema,
55 撒羅滿的僕役的子孫:有索泰的子孫,索費勒特的子孫,培魯達的子孫,
Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye: Sotai, Hasoferet, Peruda,
57 舍法提雅的子孫,哈提耳的子孫,頗革勒特責巴因的子孫,阿米的子孫,
Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo.
58 所有獻身者和薪金的僕役的子孫,共計三百九十二名。
Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve.
59 以下這些人,是由特耳默拉、特耳哈爾沙、革魯布、阿丹和依默爾上來,而不能說出自己的家族和系族,是否出自以色列的:
Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
60 有德拉雅的子孫,托彼雅的子孫,乃科達的子孫,共計六百五十二名。
Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve.
61 由司祭的的子孫中,有哈巴雅的子孫,哈科茲的子孫,巴爾齊來的子孫,──巴爾齊來娶了基肋阿得人巴爾齊來的女兒為妻,也取了他的名字。
Ame siawo hã tso nunɔlawo dome: Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai.
62 他們查考登記的祖譜,卻沒有找著自己的名字,所以他們由司祭中革除了。
Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o.
63 省長指令他們,不准他們享用至聖之物,直到有位大司祭帶「烏陵」和「突明」出來解決。
Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi.
Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade.
65 僕婢七千三百三十七人在外;還有歌詠的男女二百名。
Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre kpe ɖe hadzila alafa eve ŋuti.
66 此外,尚有馬七百三十六匹,騾子二百四十五匹,
Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade, tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃,
kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve gbɔe.
68 有些族長,一來到耶路撒冷上主的殿宇,就自願為天主的殿宇獻款,好在原重建起來。
Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.
69 他們遂按自己的力量,捐獻了六萬一千金「達理克」,五千銀「瑪納」,一百件司祭畏衣,作為建築的基金。
Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃, klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka be woatsɔ de dɔ sia me.
70 司祭、肋未人、歌詠者、門丁、獻身者和一部分人民,住在耶路撒冷;其餘以色列人,各住在本城內。
Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.