< 耶利米書 22 >

1 上主這樣說:「你下到猶大王宮去,在那裏宣佈這話,
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia nɛ,
2 說:坐在達味寶座上的猶大王! 你和你的臣僕及從這些門進來的人民,該聆聽上主的話。
‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya.
3 上主這樣說:你們應執行公道正義,從壓迫人的手中解救受剝奪的人,不要傷害虐待外方人和孤兒寡婦,不要在這地方上流無辜者的血。
Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o;
4 假使你們實在照這話去做,必有坐在達味寶座上的君王,乘車騎馬,與自己的臣僕和人民從這宮殿的門進來;
elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo.
5 倘若你們不聽從這話,我指著自己起誓──上主的斷語──這宮殿必要變為廢墟。
Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’” Yehowae gblɔe.
6 因為上主這樣論猶大王的宮殿說:即使你為我有如基肋阿得,又如黎巴嫩的山頂,我仍要使你變為荒野,成為無人居住的城市;
Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene.
7 我要祝聖那已武裝的毀滅者來攻擊你,砍伐你最佳美的香柏,投入火中。
Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me.
8 許多民族經過這城時,必互相問說:為什麼上主這樣對待了這座大城市﹖
“Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’
9 人必答說:因為他們廢棄了上主他們的天主的盟約,敬拜事奉了別的神祇。」
Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’”
10 你們不要為已死的人哭泣,不要為他舉哀;卻要為遠去的人痛哭,因為他不會再回來,見他的生身地。
Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o, ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe elabena magatrɔ agbɔ alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o.
11 因為上主這樣論猶大王約史雅的兒子,即繼承他父親約史雅為王的沙隆說:「他一離開這地方,就不會再回來,
Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o.
12 必死在被擄去的地方,不會再見此地。」
Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.”
13 禍哉,那不以公道正義建築自己的宮殿樓臺,叫人為自己徒勞而不給他工資的人!
“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi eye eƒe sã to amebaba me, ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.
14 他說:我得給自己建築廣大的宮殿,寬敞的樓臺,開設窗戶,鑲上香柏,塗上丹砂。
Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’ Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me, hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.
15 你為王是要以香柏爭勝嗎﹖你父親豈不也吃也喝﹖但他執行公道正義,為此能一切順利;
“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia? Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa? Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.
16 他親自裁判弱小和貧苦人的案件,因此一切順利;這豈不是表示他認識我﹖──上主的斷語──
Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo. Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?” Yehowae gblɔe.
17 至於你,你的眼和心,只顧私利,只知無辜者的血,施行欺壓和勒索。
“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi, ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”
18 為此上主這樣說:「對於猶大王約史雅的兒子約雅金,人必不哀悼他說:哀哉,我兄弟! 或哀哉,我姊妹! 人必不哀悼他說:哀哉,主上! 或哀哉,陛下!
Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi: “Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Eye womafa nɛ be, ‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.
19 人要埋葬他如同埋葬一匹死驢,將他拖出,拋在耶路撒冷的門外。」
Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene elabena woahee lelele le anyigba, atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.”
20 你該上黎巴嫩去呼喊,在巴商提高你的聲音,由阿巴陵喊叫,因為你的情侶都已滅亡。
“Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe ne woase wò gbe le Basan ke, nɔ Abarim nàfa avi kple ɣli elabena wotsrɔ̃ wò lɔlɔ̃tɔwo katã.
21 在你歡樂時,我曾勸告過你,你卻說:「我不聽從。」你從幼年,就是這般行徑,從不聽我的聲音。
Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be, ‘Nyemaɖo to wò o!’ Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke; ègbe, mèɖo tom kpɔ o.
22 你所有的牧人將被風捲去,你的情侶必徒遠方;那時你必因你行的一切邪惡,含羞抱愧。
Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe, eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã. Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta.
23 你現在住在黎巴嫩,在香柏樹上營巢,但是,當痛苦,像產婦的痛苦襲擊你時,你將多麼可憐!
Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon, heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me, aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi! Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!”
24 我永在──上主的斷語──猶大王約雅金的兒子苛尼雅,即便你是我右手上蓋章的指環,我也要將你拔除,
Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo.
25 交在圖謀你性命和你畏懼的人的手中,交在巴比倫王拿步高和加色丁人的手中;
Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na.
26 將你和你生身的母親,拋在不是你們出生的異地,叫你們死在那裏。
Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo.
27 他們必不能回到他心靈渴望回去的地方。
Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.”
28 苛尼雅這人,不是個可鄙而該毀滅的器皿,或無人喜稅的傢具嗎﹖為什麼他和他的後裔被拋棄,被投擲到自己不相識的地方去﹖
Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃ si dim ame aɖeke mele oa? Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba si womenya o la dzi?
29 地啊! 地啊! 請聆聽上主的話!
O anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya!
30 上主這樣說:「你應記錄:這人是一個無子女,畢生無成就的人,因為他的後裔中,沒有一人能成功,能坐上達味的寶座,再統治猶大。」
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe ame si si vi mele o la ene, ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o; elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o, eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”

< 耶利米書 22 >