< 耶利米書 21 >

1 上主傳給耶肋米亞的話:那時,漆德克雅王正派瑪耳基雅的兒子帕市胡爾,和司祭瑪阿色雅的兒子責法尼雅來見他說:
Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be,
2 請你替我們詢問上主:「巴比倫王拿步高既來與我們作戰,上主是否依照他所行的奇事來協助我們,叫他離我們遠去﹖」
“Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
3 耶肋米亞便回答他們說:「你們應這樣對漆德克雅說:
Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be,
4 上主,以色列的天主這樣說:看,我必使你們手中所持,用以攻擊在城外圍攻你們的巴比倫王和加色丁人的武器,反回集中在這城的中心。
‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina.
5 然後我要伸出手來,以強力的手臂、震怒、狂暴和憤恨痛擊你們,
Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me.
6 痛擊住在這裏的人和獸;他們必死於盛行的瘟疫。
Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo.
7 此後──上主的斷語──我必將猶大王漆德克雅和他的臣僕,並這城中幸免於瘟疫、刀劍和饑饉的人民,交在巴比倫王拿步高和他們的仇敵,以及謀圖他們性命者的手中,叫敵人用利刃擊殺他們,毫不饒恕,毫不憐憫,毫不表同情。
Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
8 此外,你應對這人民說:看,我將生命的路和死亡的路,擺在你們面前:
“Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom.
9 凡留在這城中的,必死於刀劍、饑饉和瘟疫;凡出來向圍攻你們的加色丁人投降的,必保全性命,必有生命當作自己的勝利品。
Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe.
10 我所以轉面向著這城,是為降災,並不是為賜福──上主的斷語──這城必被交在巴比倫王手中,他要火燒這城。」
Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.
11 對於猶大的王室,你應該這樣說:你們該聆聽上主的話,
“Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya:
12 達味家族! 上主這樣說:「你們應及早執行正義,從壓迫者手中解救被剝奪的人,免得我的忿怒,因你們行事邪惡,像火一般燒起,而沒有人能夠熄滅。」
O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
13 至於你這居住在谷中和平原巖石上的人,看,我來對付你──上主的斷語──你們誇說:「誰能下來攻擊我們﹖誰能進入我們的巢穴﹖」
Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?” Yehowae gblɔe.
14 我必按照你們行為應得的,來懲罰你們──上主的斷語──我要在她的樹林裏放火,吞滅她四周的一切。
Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta, maɖe dzo ade miaƒe avewo me, eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.”’” Yehowae gblɔe.

< 耶利米書 21 >