< 撒母耳記上 13 >

1 撒烏耳三十歲登極,作以色列王四十年。
Saul xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve, ɖe Israel dzi;
2 撒烏耳從以色列人中挑選了三千人:兩千在米革瑪斯和貝特耳山地與撒烏耳在一起;一千在本雅明的革巴隨著約納堂;剩下的人,撒烏耳遺散他們各回本帳幕。
etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me.
3 約納堂擊殺了駐紮在基貝亞的培肋舍特人的官吏,培肋舍特人遂知道希伯人已經叛變。撒烏耳在全國吹了警號,
Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.”
4 全以色列人都聽說:撒烏耳擊殺了培肋舍特人的一個官吏,所以以色列為培肋舍特人所仇恨;於是人民便跟隨撒烏耳聚集在基耳加耳。
Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.
5 培肋舍特人已調齊來攻打以色列人;他們有戰車三千,騎兵六千,民兵多得如同海邊的沙,都上來在貝特阿文東方的米革瑪斯紮了營。
Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ kple sɔdola akpe ade kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.
6 以色列人一見大難臨頭,敵人壓境,就有人藏在山洞裏,土窟內,岩石下,地窖內和旱井裏,
Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me.
7 另有許多人渡過約但河往加得和基肋阿得去了;但撒烏耳卻還在基耳加耳,跟隨他的人都戰慄害怕。
Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta.
8 撒烏耳照撒慕爾約定的日期等了七天,但是撒慕爾卻沒有到基耳加耳來,因此軍民離開撒烏耳四散逃跑了。
Elala ŋkeke adre abe ale si Samuel ɖoe nɛ ene, gake Samuel meva Gilgal o eye Saul ƒe asrafowo de asi kaka le eŋu me.
9 撒烏耳於是吩咐說:「把全燔祭品與和平祭品送到我這裏來! 」他遂獻了全燔祭。
Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la.
10 他剛獻完全燔祭,撒慕爾來了,撒烏耳便去迎接他,向他致敬。
Esi wòwu vɔsawo nu vɔ tetee ko la, Samuel va do. Saul yi be yeakpee ado gbe nɛ.
11 撒慕爾問道:「你作了什麼事﹖」撒烏耳答說:「我看見軍民離開我四散逃跑了,你又沒有照定期來,同時培肋舍特人已集合在米革瑪斯,
Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas.
12 所以我想現在培肋舍特人就要下到基耳加耳來攻打我,我還沒向上主求援,所以我迫不得已,奉獻了全燔祭。」
Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.”
13 撒慕爾對撒烏耳說:「你作的真糊塗! 假使你遵守了上主你的天主吩咐的命令,上主必鞏固你在以色列的王位直到永遠。
Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã.
14 但現在你的王位已立不住了;上主已另找了一位隨他心意的人,立他為百姓的首領,因為你沒有遵守上主吩咐你的命令。」
Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.”
15 撒慕爾就起身離開基耳加耳走了。剩下的人跟隨撒烏耳從基耳加耳上到了本雅明的革巴,與那裏的軍隊會合;撒烏耳統計了隨從他的部隊,約有六百人。
Tete Samuel dzo le Gilgal yi Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi. Esi Saul xlẽ eƒe aʋawɔlawo la, ekpɔ be ame alafa ade koe susɔ!
16 撒烏耳和他的兒子約納堂,並一切隨從他們的人駐紮在本雅明的革巴;同時培肋舍特人已在米革瑪斯安了營。
Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas.
17 那時從培肋舍特營中有三個突擊隊出發:一隊取道敖斐辣,開往叔阿耳地方;
Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi;
18 一隊開往貝特曷龍;另一隊開往革巴,此地俯瞰往曠野去的袋狼山谷。
aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi.
19 那時,在以色列全境內沒有鐵匠,原來培肋舍特人說過:「免得希伯來人製造刀鎗。」
Gbede aɖeke menɔ Israelnyigba blibo la dzi le ŋkeke mawo me o elabena Filistitɔwo gblɔ bena, ne menye nenema o la, Hebritɔwo ava tu yiwo alo akplɔwo!
20 因此,以色列人為磨快犁、鋤、斧、鐮,都要下到培肋舍特人那裏。
Eya ta ɣe sia ɣi si Israelviwo di be yewoanyre yewoƒe agbleŋlɔnuwo, fiawo kple nuxanuwo la, wotsɔa wo yia Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ.
21 磨快犁和鋤的價錢是三分之二「協刻耳,」磨快鐮刀或裝製刺針是三分之一「協刻耳。」
Nenye be wonyre agbleŋlɔnuawo la, woxea klosaloga gram enyi, nenema kee nye fi hã, ke woxea klosaloga gram ene ɖe gaflu kple fiawo hekpe ɖe nuŋɔnuwo nyenyre ŋuti.
22 所以在米革瑪斯到了開戰的那一天,隨從撒烏耳和約納堂的人手中都沒有刀鎗,祇是撒烏耳和他的兒子約納堂有刀鎗。
Ale yi alo akplɔ aɖeke menɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la si gbe ma gbe o negbe ɖekaɖeka siwo nɔ Saul kple Yonatan si ko.
23 那時培肋舍特人的前哨向米革瑪斯關口推進。
Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas.

< 撒母耳記上 13 >