< 撒母耳記上 12 >

1 撒慕爾對全以色列人說:「看,我全聽從了你們向我所說的話,立了一位君王管理你們。
Samuel gaƒo nu na Israelviwo be, “Kpɔ ɖa, mewɔ nu si miebia la na mi. Meɖo fia na mi.
2 從此以後,有君王領導你們。至於我,我已老了,頭髮也白了;不過我的兒子還同你們在一起。我從小直到今天,常在你們面往來。
Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke.
3 看,我在這裏,請你們在上主面前,在他受傅者面前答覆我:我奪過誰的牛,或奪過誰的驢﹖我壓迫過誰,或虐待過誰﹖從誰手裏接受過掩人耳目的賄賂﹖若有,我必歸還你們。」
Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”
4 他們答說:「你總沒有壓迫或虐待過我們,也沒有從任何人手裏接受過什麼。」
Ameawo ɖo eŋu be, “Mèba mí alo te mí ɖe anyi kpɔ le mɔ aɖeke nu o eye mèxɔ zãnu zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã kpɔ o.”
5 他又對他們說:「上主給你們作證,受傅者今日也作證:你們在我手中沒有找出什麼。」他們答說:「可以作證。」
Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.” Ameawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee.”
6 撒慕爾又對百姓說:「作見證的,是興起梅瑟和亞郎,並領你們祖先從埃及地上來的上主。
Samuel yi edzi be, “Yehowa tia Mose kple Aron, eyae kplɔ mía tɔgbuiwo dzoe le Egipte.
7 現今你們要前來,我要在上主面前使你們認清,上主向你們和你們祖先所施行的一切恩惠:
Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi.
8 當雅各伯和他的兒子來到埃及時,埃及人壓迫他們,你們的祖先就向上主哀號,上主遂派遺梅瑟和亞郎領你們的祖先離開了埃及,使他們住在這個地方。
“Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi.
9 但他們忘卻了上主他們的天主,他就將他們交在哈祚爾的元帥息色辣手中、培肋舍特人手中和摩阿布王手中,使這些人攻打他們。
“Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be kaba eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Sisera, Fia Hazor ƒe aʋafia kple Filistitɔwo ƒe fia kple Moab fia.
10 他們就呼求上主說:我們犯了罪,離棄了上主,事奉了巴耳和阿市托勒特諸神;如今求你救我們脫離我們敵人的手,我們願事奉你。
Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’
11 上主就派耶魯巴耳、巴辣克、依弗大和三松,從你們四圍敵人的手中拯救了你們,你們纔得安居。
Yehowa ɖo Yerubaal, Barak, Yefta kple Samuel ɖa eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asime eye mienɔ anyi le ŋutifafa me.
12 當你們看見阿孟子民的君王納哈王來攻打你們時,曾對我說:不,我們要有一位君王來管理我們,──雖然上主你們的天主原是你們的君王。
“Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi.
13 現今,看,你們所揀選,所要求的君王;看,上主立了一位君王管理你們。
Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi.
14 若是你們敬畏上主,事奉上主,聽從他的話,不背叛上主的命令;若是你們和管理你們的君王,隨從上主你們的天主,便可生存。
Azɔ, ne miavɔ̃ eye miasubɔ Yehowa, ahawɔ eƒe sewo dzi, miagadze aglã ɖe eŋu o eye ne miawo kple miaƒe fia la siaa miadze Yehowa, mia Mawu, yome la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.
15 倘若你們不聽從上主的話,背叛上主的命令,上主的手必要與你們和你們的君王作對。
Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene.
16 現今你們前來,看上主在你們眼前要作的這偉大的奇事。
“Azɔ minɔ klalo miakpɔ Yehowa ƒe nukunuwɔwɔ ɖa.
17 現今不是收割麥子的季節嗎﹖但是我要呼求上主打雷下雨,使你們明白,也看出:你們要求一位君王,是行了上主眼中多麼可惡的事。」
Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!”
18 撒慕爾呼籲了上主,上主就在那天打雷下雨;全民眾對上主和撒慕爾很是害怕,
Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ.
19 都對撒慕爾說:「你為你的僕人們轉求上主你的天主,別使我們死了,因為在我們一切罪惡之上,又加了一個為我們要求君王的罪過。」
Woɖe kuku na Samuel be, “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu ɖe mía ta ne míagaku o elabena míetsɔ nu vɔ̃ si míewɔ to biabia be woaɖo fia na mí me la kpe ɖe míaƒe nu vɔ̃ bubuwo ŋuti.”
20 撒慕爾對民眾說:「你們不必害怕;你們固然犯了這一切罪過,但決不要遠離上主,反而要全心事奉上主。
Samuel de dzi ƒo na wo be, “Migavɔ̃ o, eme kɔ ƒãa be miewɔ nu vɔ̃, gake mikpɔ egbɔ azɔ be miasubɔ Yehowa nyateƒetɔe eye miagatrɔ le eyome le mɔ aɖeke nu o.
21 你們不要追求不能援助,也不能施救的虛無邪神,因為他們只是「虛無」而已。
Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o.
22 上主為了自己的大名,決不拋棄自己的百姓,因為上主喜歡你們作他的百姓。
Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta!
23 我也決不願得罪上主,停止為你們祈禱,或停止教訓你們行善道,走正路。
Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi.
24 你們只該敬畏上主,全心忠誠事奉上主,因為你們看見了,他為你們作的,是何等偉大的事。
Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu.
25 假使你們仍固執於惡,你們和你們的君王都必要喪亡。」
Ke ne mieyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la, woatsrɔ̃ mi kple miaƒe fia la siaa.”

< 撒母耳記上 12 >