Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Psalms Chapter 86 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Psalms/86 1) David ƒe gbedodoɖa. Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam, elabena meda ahe, eye hiã tum. 2) Kpɔ nye agbe ta, elabena metsɔ ɖokuinye na wò. Wòe nye nye Mawu, eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò. 3) O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui, elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la. 4) O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na. 5) O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò. 6) O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu. 7) Le nye xaxagbe, mayɔ wò elabena àtɔ nam. 8) O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe wò ene o; nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o. 9) O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ. 10) Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo; wò koe nye Mawu. 11) O! Yehowa, fia wò mɔm, eye mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ dzi si to mɔ ɖeka la nam, ale be mavɔ̃ wò ŋkɔ. 12) Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu, kple nye dzi blibo. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee, 13) elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke. (Sheol h7585) 14) O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome, eye wonye ŋutsu siwo mebu wò ɖe naneke me o. 15) O! Aƒetɔ, ke wò la, Mawu si kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu lae nènye, mèdoa dɔmedzoe kabakaba o, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe. 16) Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam; na wò ŋusẽ wò dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla. 17) Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!