Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Psalms Chapter 56 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Psalms/56 1) David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Ahɔnɛ si dzo ɖe logoti dzi le didiƒe ke” la ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Filistitɔwo lée le Gat. Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, elabena amegbetɔwo ti yonyeme kple ŋkubiã; ŋkeke blibo la wole yonyeme kutɔkutɔe. 2) Ame siwo le ŋunye gblẽm la ti yonyeme ŋkeke blibo la, eye wo dometɔ geɖewo tso ɖe ŋunye kple dada. 3) Maka ɖe dziwò ne vɔvɔ̃ ɖom. 4) Wò Mawu si ƒe nya mekafu, Mawu si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ akpɔ o. Nu ka amegbetɔ, ŋutilã kple ʋu, awɔm ma? 5) Ŋkeke blibo la wotrɔa gbo nye nyawo, ɣe sia ɣi wole nugbe ɖom be woawɔ nuvevim. 6) Woɖo babla, wole ŋu tsam, hele ŋku lém ɖe nye afɔɖeɖewo ŋu, eye wotsi dzi ɖe nye agbetsɔtsrɔ̃ ŋuti. 7) Ɖe woƒe vɔ̃ɖinyenye ta la, megana mɔ woasi o; O! Mawu, he dukɔwo ƒu anyi le wò dɔmedzoe me. 8) Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi; lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi; ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa? 9) Ekema nye futɔwo atrɔ adzo, ne meyɔ wò be nàxɔ nam. To esia me la, manya be Mawu nye tɔnye. 10) Mawu, ame si ƒe nya mekafu, Yehowa ame si ƒe nya mekafu. 11) Mawu, ame si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm? 12) O! Mawu, meɖe adzɔgbe na wò, eya ta maxe adzɔgbeɖefe na wò. 13) Elabena èɖem tso ku me, eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o, ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!