Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Isaiah Chapter 11 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Isaiah/11 1) Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me; tso eƒe ke me la, atilɔ aɖe atse ku. 2) Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ; aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ, 3) eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu, alo atso nya me ɖe nu si eƒe to se la nu o, 4) gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe. 5) Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito. 6) Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ, lãklẽ atsyɔ akɔ anyi ɖe gbɔ̃vi gbɔ bɔkɔɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me, eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo. 7) Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome, wo viwo atsyɔ akɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye dzata gɔ̃ hã aɖu gbe abe nyitsu ene. 8) Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi suewo aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me. 9) Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene. 10) Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe. 11) Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia. 12) Atu aflaga na dukɔwo, eye wòaƒo Israelvi siwo woɖe aboyoe la nu ƒu. Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu. 13) Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso, eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo. Efraim magaʋã ŋu Yuda o, alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o. 14) Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe, eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la. Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi, eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo. 15) Yehowa ana Egipte ƒu la namie, eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi kple ya xɔdzo sesẽ. Amae ɖe tɔʋu adre me ale be woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã. 16) Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ na Israel esi wòkplɔ wo do goe tso Egipte ene. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!