Preface
Read
+
Publisher
Nainoia, Inc.
PO Box 462, Bellefonte, PA 16823
(814) 470-8028
Nainoia Inc, Publisher
LinkedIn/NAINOIA-INC
Third Party Publisher Resources
Request Custom Formatted Verses
Please contact us below
Submit your proposed corrections
I understand that the Aionian Bible republishes public domain and Creative Commons Bible texts and that volunteers may be needed to present the original text accurately. I also understand that apocryphal text is removed and most variant verse numbering is mapped to the English standard. I have entered my corrections under the verse(s) below. Proposed corrections to the Éwé Bible, Amos Chapter 1 https://www.AionianBible.org/Bibles/Ewe---Word-of-Life/Amos 1) Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel. 2) Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.” 3) Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene. 4) Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã, eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo. 5) Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe, eye mawu fia si le Aven ƒe Balime, kple ame si le fia ɖum le Bet Eden, eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.” Yehowae gblɔe. 6) Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom. 7) Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo, eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo. 8) Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia, eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawue gblɔe. 9) Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom. 10) Le esia ta matɔ dzo Tiro ƒe gliwo, eye eƒe mɔ sesẽwo abi azu afi.” 11) Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o. 12) Eya ta matɔ dzo Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.” 13) Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo. 14) Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo, eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe. 15) Woƒe fiawo kple amegãwo katã ayi aboyome.” Yehowae gblɔe. Additional comments?
Refresh Captcha
The world's first Holy Bible un-translation!