< I Ti-mô-thê 6 >
1 Hết thảy những kẻ dưới ách đầy tớ phải coi chủ mình là đáng trọng mọi đàng, hầu cho danh hiệu và đạo lý của Đức Chúa Trời khỏi bị làm trò cho người phạm thượng.
Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.
2 Ai có chủ là tín đồ, thì không nên lấy cớ anh em mà khinh dể, nhưng phải càng hầu việc hơn, vì kẻ được công của mình là tín đồ và người rất yêu dấu. Đó là điều con phải dạy dỗ khuyên bảo họ.
Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.
3 Ví thử có người dạy dỗ đạo khác, không theo lời có ích của Đức Chúa Jêsus Christ chúng ta và đạo lý theo sự tin kính,
Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe.
4 thì người đó là lên mình kiêu ngạo, không biết chi hết; nhưng có bịnh hay gạn hỏi, cãi lẫy, bởi đó sanh sự ghen ghét, tranh cạnh, gièm chê, nghi ngờ xấu xa,
Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti.
5 cùng những lời cãi lẽ hư không của kẻ có lòng hư xấu, thiếu mất lẽ thật, coi sự tin kính như là nguồn lợi vậy.
Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.
6 Vả, sự tin kính cùng sự thỏa lòng ấy là một lợi lớn.
Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã,
7 Vì chúng ta ra đời chẳng hề đem gì theo, chúng ta qua đời cũng chẳng đem gì đi được.
elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o.
8 Như vậy, miễn là đủ ăn đủ mặc thì phải thỏa lòng;
Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu.
9 Còn như kẻ muốn nên giàu có, ắt sa vào sự cám dỗ, mắc bẫy dò, ngã trong nhiều sự tham muốn vô lý thiệt hại kia, là sự làm đắm người ta vào sự hủy diệt hư mất.
Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me.
10 Bởi chưng sự tham tiền bạc là cội rễ mọi điều ác, có kẻ vì đeo đuổi nó mà bội đạo, chuốc lấy nhiều điều đau đớn.
Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
11 Nhưng, hỡi con, là người của Đức Chúa Trời, hãy tránh những sự đó đi, mà tìm điều công bình, tin kính, đức tin, yêu thương, nhịn nhục, mềm mại.
Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.
12 Hãy vì đức tin mà đánh trận tốt lành, bắt lấy sự sống đời đời, là sự mà con đã được gọi đến, và vì đó mà con đã làm chứng tốt lành trước mặt nhiều người chứng kiến. (aiōnios )
Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe. (aiōnios )
13 Trước mặt Đức Chúa Trời là Đấng ban sự sống cho mọi vật, và trước mặt Đức Chúa Jêsus Christ là Đấng làm chứng tốt nơi Bôn-xơ Phi-lát, ta khuyên con
Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be
14 phải giữ điều răn, ở cho không vết tích và không chỗ trách được, cho đến k” sự hiện ra của Đức Chúa Jêsus Christ chúng ta,
nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o.
15 là sự mà Đấng Chủ tể hạnh phước và có một đến k” sẽ tỏ ra, là Vua của mọi vua, Chúa của mọi chúa,
Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo.
16 một mình Ngài có sự không hề chết, ở nơi sự sáng không thể đến gần được, chẳng người nào từng thấy Ngài và cũng không thấy được, danh vọng, quyền năng thuộc về Ngài đời đời! A-men. (aiōnios )
Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. (aiōnios )
17 Hãy răn bảo kẻ giàu ở thế gian nầy đừng kiêu ngạo và đừng để lòng trông cậy nơi của cải không chắc chắn, nhưng hãy để lòng trông cậy nơi Đức Chúa Trời, là Đấng mỗi ngày ban mọi vật dư dật cho chúng ta được hưởng. (aiōn )
Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. (aiōn )
18 Hãy răn bảo họ làm điều lành, làm nhiều việc phước đức, kíp ban phát và phân chia của mình có,
Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo.
19 vậy thì dồn chứa về ngày sau một cái nền tốt và bền vững cho mình, để được cầm lấy sự sống thật.
To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.
20 Hỡi Ti-mô-thê, hãy giữ lấy sự giao phó đã nấy cho con, tránh những lời hư không phàm tục và những sự cãi lẽ bằng tri thức ngụy xưng là tri thức.
O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o.
21 Aáy vì muốn luyện tập tri thức đó, nên có người bội đạo. Nguyền xin ân điển ở cùng các anh em!
Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me. Womexɔ se o. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.