< Псалми 16 >

1 Золота пісня Дави́дова.
David ƒe ha si wɔa dɔ ɖe ame dzi. O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.
2 Я сказав Господе́ві: „Ти Бог мій і — добро моє тільки в Тобі!“
Megblɔ na Yehowa be, “Wòe nye nye Aƒetɔ; nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.”
3 До святих, які на землі, що шляхе́тні вони, — до них все жада́ння моє!
Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.
4 Нехай мно́жаться сму́тки для тих, хто набув собі інших богів, — я не буду прино́сить їм ли́вної жертви із крови, і їхніх іме́н не носитиму в устах своїх!
Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.
5 Господь — то частина спа́дку мого та чаші моєї, Ти долю мою підпира́єш!
Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.
6 Ча́стки припали для мене в хороших місцях, і гарна для мене спа́дщина моя!
Liƒo ƒe dzidzeka la dze teƒe nyuiwo nam; le nyateƒe me la, domenyinu si do dzidzɔ nam la su asinye.
7 Благословляю я Господа, що радить мені, на́віть ноча́ми навчають мене мої ни́рки.
Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam; le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num.
8 Уявляю я Господа перед собою постійно, бо Він по правиці моїй, — й я не буду захитаний!
Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.
9 Через те моє серце радіє та дух весели́ться, — і тіло моє спочиває безпечно!
Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,
10 Бо Ти не опу́стиш моєї душі до шео́лу, не попу́стиш Своєму святому побачити тлі́ння! (Sheol h7585)
elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o. (Sheol h7585)
11 Дорогу життя Ти покажеш мені: радість велика з Тобою, за́вжди блаженство в прави́ці Твоїй!
Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.

< Псалми 16 >