< Дії 10 >

1 Проживав же один чоловік у Кесарі́ї, на йме́ння Корни́лій, сотник по́лку, що звавсь Італійським.
Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me.
2 З усім домом своїм він побожний був та богобійний, подавав людям щедру ми́лостиню, і за́вжди Богові молився.
Eya kple eƒe ƒometɔwo katã nye Mawuvɔ̃la vavãwo. Enaa nu ame siwo le hiahiã me fũu, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu atraɖii.
3 Явно він у видінні, десь коло години дев'ятої дня, бачив Ангола Божого, що до нього зійшов і промовив йому: „Корни́лію!“
Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”
4 Він поглянув на нього й жахнувся, й сказав: „Що, Господи?“Той же йому відказав: „Моли́тви твої й твоя ми́лостиня перед Богом згадалися.
Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene.
5 Тепер же пошли до Йоппі́ї людей, та й приклич Си́мона, що зветься Петром.
Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa.
6 Він гостює в одно́го гарбарника Си́мона, що дім має при морі. Він скаже тобі, що́ ти маєш робити“.
Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si hã woyɔna be Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe la ƒe aƒe me le ƒuta lɔƒo.”
7 Коли ж Ангол, що йому говорив, відійшов, той закликав двох із своїх слуг домо́вих, і вояка́ богобійного з тих, що служили при ньому,
Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la,
8 і розповів їм усе та й послав їх в Йоппі́ю.
eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ.
9 А наступного дня, як у дорозі були́ вони та наближа́лись до міста, Петро вийшов на го́рницю, щоб помолитись, о годині десь шостій.
Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa.
10 І став він голодний, і їсти схотів. Як йому ж готували, захо́плення на нього найшло,
Ke dɔ de asi ewuwu me, eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega.
11 і бачить він небо відкрите, і якуюсь посу́дину, що схо́дила, немов простира́ло велике, яка, за чотири кінці прив'язана, спускалась додолу.
Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzogoe eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba.
12 У ній же знахо́дились чотириногі всілякі, і зе́мне гаддя, і небесні пташки́.
Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi.
13 І голос почувся до нього: „Устань, заколи, Петре, і їж!“
Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.”
14 А Петро відказав: „Жа́дним способом, Господи, — бо ніко́ли не їв я нічого оги́дного чи то нечистого!“
Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.”
15 І знов голос удруге до нього: „Що від Бога очи́щене, не вважай за оги́дне того́!“
Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.”
16 І це сталося тричі, і посу́дина знов була взята на небо.
Woɖe ŋutega sia fia Petro zi etɔ̃ sɔŋ. Le esia megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo.
17 Як Петро ж у собі бенте́жився, що́ б то значило те видіння, що бачив, то ось посланці́ від Корнилія, розпитавши про Си́монів дім, спинилися перед ворі́тьми,
Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu.
18 і спиталися, крикнувши: „Чи то тут сидить Си́мон, що зветься Петро?“
Woyɔ ame aɖe ɖa biae be Simɔn si woyɔna be Petro la dze afi sia mahã?
19 Як Петро ж над видінням роздумував, Дух промовив до нього: „Онде три чоловіки шукають тебе.
Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me,
20 Але встань і зійди, і піди з ними без жодного су́мніву, бо то Я їх послав!“
eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.”
21 І зійшовши Петро до тих му́жів, промовив: „Ось я той, що його ви шукаєте. З якої причини прийшли ви?“
Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu ka miele diyem be mawɔ na mi?”
22 А вони відказали: „Сотник Корни́лій, муж праведний та богобійний, слави доброї в усього люду юдейського, святим а́нголом був у видінні наставлений, щоб до дому свого покли́кати тебе та послухати слів твоїх“.
Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”
23 Тоді він покликав й гостинно прийняв їх. А другого дня він устав та й із ними пішов; також дехто з братів із Йоппі́ї пішли з ним.
Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea.
24 І назавтра прийшли вони до Кесарі́ї. А Корнилій чекав їх, рідню й близьких дру́зів покликавши.
Wova ɖo Kaesarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro.
25 А як увіходив Петро, Корнилій зустрінув його, і до ніг йому впав і вклонився.
Esi Petro ge ɖe aƒea me teti ko la, Kornelio ɖe abla ɖadze klo ɖe eƒe akɔme be yeade bubu eŋu.
26 Та Петро його підвів, промовляючи: „Устань, бо й сам я люди́на!“
Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.”
27 І, розмовляючи з ним, увійшов, і знайшов багатьох, що зібралися,
Kornelio tsi tsitre, eye eya kple Petro wonɔ dze ɖom hege ɖe aƒea me, afi si ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo.
28 і промовив до них: „Ви знаєте, що не вільно юдеєві приставати й прихо́дити до чужани́ці. Та відкрив мені Бог, щоб я жодну люди́ну не мав за огидну чи то за нечисту.
Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o.
29 Тому я без вага́ння прибув, як покликано. Тож питаю я вас: З якої причини ви слали по мене?“
Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.”
30 А Корни́лій сказав: „Четвертого дня аж до цієї години я по́стив, а о дев'ятій годині молився я в домі своїм. І ото, перед мене став муж у блискучій одежі
Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme.
31 й сказав: „Корнилію, почута молитва твоя, і твої ми́лостині перед Богом згадалися.
Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu.
32 Тож пошли до Йоппі́ї, і приклич Си́мона, що зветься Петром. Він гостює в гарба́рника Си́мона, у госпо́ді край моря, — він при́йде й розпові́сть тобі“.
Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’
33 Я зараз по тебе послав, — ти добре зробив, що прийшов. Тож тепер перед Богом ми всі стоїмо́, щоб почути все те, що Господь наказав був тобі“.
Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”
34 А Петро відкрив у́ста свої та й промовив: „Пізнаю́ я поправді, що „не дивиться Бог на обличчя“,
Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o,
35 але в кожнім наро́ді приємний Йому, хто боїться Його й чинить праведність.
ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã.
36 Він слово послав для Ізраїлевих синів, благові́стячи мир через Ісуса Христа, що Госпо́дь Він усім.
Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ.
37 Ви знаєте справу, що по всій Юдеї була й зачала́сь з Галілеї, після хрищення, що Іван проповідував,
Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me.
38 Ісуса, що був із Назаре́ту, як помазав Його Святим Духом і силою Бог. І ходив Він, добро чинячи й усіх уздоро́влюючи, кого поневолив диявол, бо Бог був із Ним.
Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”
39 І ми свідки всьому, що́ Він учинив у Юдейському кра́ї та в Єрусалимі, — та вбили Його, на дереві повісивши.
Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le.
40 Але Бог воскресив Його третього дня, і дав Йому, щоб з'явився,
Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu, eye wòɖee fia ame tɔxɛ siwo eya ŋutɔ tia la.
41 не всьому наро́дові, але наперед Богом вибраним свідкам, нам, що з Ним їли й пили, як воскрес Він із мертвих.
Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.
42 І Він нам звелів, щоб наро́дові ми проповідували та засві́дчили, що то Він є призначений Богом Суддя для живих і для мертвих.
Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa.
43 Усі пророки свідку́ють про Нього, що кожен, хто вірує в Нього, одержить про́щення гріхів Його Йме́нням“.
Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”
44 Як Петро говорив ще слова́ ці, зли́нув Святий Дух на всіх, хто слухав слова́.
Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi.
45 А обрі́зані віруючі, що з Петром прибули́, здивувалися дивом, що дар Духа Святого пролився також на пога́н!
Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa, be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe ame siwo menye Yudatɔwo gɔ̃ hã dzi,
46 Бо чули вони, що мовами різними ті розмовляли та Бога звели́чували... Петро тоді відповів:
elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm, nɔ Mawu kafum. Tete Petro gblɔ be,
47 „Чи хто може заборонити христитись водою оцим, що оде́ржали Духа Святого, як і ми?“
“Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene.”
48 І звелів охриститися їм у Йме́ння Ісуса Христа. Тоді просили його позостатися в них кілька днів.
Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.

< Дії 10 >