< 3 Mose 19 >

1 Awurade ka kyerɛɛ Mose sɛ,
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 “Ka kyerɛ Israelfoɔ no sɛ, ‘Ɛsɛ sɛ moyɛ kronkron, ɛfiri sɛ, me Awurade a meyɛ mo Onyankopɔn no, meyɛ kronkron.
“Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.
3 “‘Ɛsɛ sɛ mode anidie ma mo maamenom ne mo agyanom na modi me homeda mmara no so, ɛfiri sɛ, meyɛ Awurade mo Onyankopɔn.
“‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
4 “‘Monnsom ahoni, ɛfiri sɛ, meyɛ Awurade mo Onyankopɔn.
“‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
5 “‘Ɛsɛ sɛ mobɔ asomdwoeɛ afɔdeɛ ma Awurade a momfa ɛkwan pa so mmɔ na asɔ Awurade ani.
“‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe.
6 Ɛda a mobɛbɔ saa afɔdeɛ no, monni no ɛda no ara, na aboro so koraa na ɛsɛ sɛ modi no adekyeeɛ. Monhye deɛ ɛbɛdi nnansa no.
Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe,
7 Na deɛ mobɛdi no nnansa so no yɛ akyiwadeɛ ma me, enti mɛpo.
elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o.
8 Sɛ modi no nnansa so a, modi ho fɔ na moagu Awurade kronkronyɛ nso ho fi, na wɔbɛtwa mo asuo afiri Awurade nkurɔfoɔ mu.
Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome.
9 “‘Sɛ motwa mo nnɔbaeɛ a, monntwa nnɔbaeɛ a ɛwɔ mo mfuo nhanoa no. Sɛ moretwa a, aba a ɛbɛgu fam no nso, monntase.
“‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o.
10 Saa ara na mo bobe so aba no nso, ɛnsɛ sɛ mote so nyinaa. Na deɛ ɛbɛte agu aseɛ no nso, monntase. Monnya mma ahiafoɔ ne akwantufoɔ a wɔbɛfa hɔ no na mene Awurade mo Onyankopɔn.
Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
11 “‘Mommmɔ korɔno. “‘Monntwa atorɔ. “‘Na monnsisi obiara.
“‘Migafi fi o. “‘Migada alakpa o. “‘Ame aɖeke megaba nɔvia o.
12 “‘Monnka ntanhunu mfa ngu mo Onyankopɔn din ho fi, ɛfiri sɛ, mene Awurade.
“‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
13 “‘Nwia wo yɔnko na monnsisi obi. “‘Na mo apaafoɔ nso, montua wɔn ka ntɛm na mommma adeɛ nkye so.
“‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o.
14 “‘Monnnome ɔsotifoɔ na monntwintwane onifirani akwan mu. Monsuro mo Onyankopɔn; Mene Awurade.
“‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
15 “‘Ɛsɛ sɛ ɛberɛ biara atemmufoɔ bu atɛntenenee a wɔnhwɛ sɛ deɛ wɔrebu no atɛn no yɛ ohiani anaa osikani. Ɛsɛ sɛ daa wɔn atemmuo yɛ pɛpɛɛpɛ.
“‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.
16 “‘Monnni nsekuro. “‘Mfa bɔne bi ho asɛm nto wo yɔnko so, na mene Awurade.
“‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.
17 “‘Ntane wo nua. Ka obiara a ɔyɛ bɔne anim; mma ɔbɔnefoɔ mfa ne ho nni. Sɛ woyɛ saa a, wo nso wodi ho fɔ saa ara.
“‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
18 “‘Ntɔ were. Nnya obi ho menasepɔ; na mmom, dɔ wo yɔnko sɛ wo ho, na mene Awurade.
“‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
19 “‘Monni me mmara so: “‘Mma wo nantwie mforo aboa foforɔ bi. “‘Nnua afifideɛ a ɛgu ahodoɔ mmienu wɔ wʼafuo mu. “‘Nhyɛ atadeɛ a ɛfa yɛ kuntu na ɛfa nso yɛ serekye.
“‘Miwɔ nye seawo dzi. “‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o.
20 “‘Sɛ obi bɔ afenaa bi a obi asi no asiwaa asɔn a, ɛsɛ sɛ wɔdi wɔn asɛm wɔ asɛnniiɛ nanso ɛnsɛ sɛ wɔkum wɔn, ɛfiri sɛ, afenaa no nne ne ho.
“‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o.
21 Ɔbarima no na ɔde ne fɔdie afɔrebɔdeɛ bɛbrɛ Awurade wɔ Ahyiaeɛ Ntomadan no kwan ano. Ɛsɛ sɛ afɔrebɔdeɛ no yɛ odwennini.
Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo.
22 Ɔsɔfoɔ no de odwennini no bɛyɛ mpatadeɛ ama ɔbarima no bɔne a ɔyɛeɛ no na ama wɔde ne bɔne no akyɛ no.
Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee.
23 “‘Sɛ mokɔ asase bi so kɔdua nnuaba ahodoɔ pii wɔ so a, nnɔbaetwa mmiɛnsa a ɛdi ɛkan no, monnni, ɛfiri sɛ, wɔbu no sɛ ɛho agu fi.
“‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o.
24 Na ne mfeɛ ɛnan so no, momfa aba no nyinaa mma Awurade mfa nkamfo no.
Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene.
25 Na ne mfeɛ enum so no, aba no yɛ mo dea. Mene Awurade mo Onyankopɔn.
Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
26 “‘Monnwe aboa biara a wɔnsɔnee ne mu mogya ɛnam. “‘Na mommfa mo ho nto ntafowayie anaa bayie so.
“‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “‘Migaka afa alo miawɔ adze o.
27 “‘Ɛnsɛ sɛ motwitwa mo moma so nwi twitwa mo abɔgyesɛ so sɛdeɛ abosonsomfoɔ yɛ no.
“‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o.
28 “‘Mommotabota mo ho mma ayiyɛ, na monnyɛ nsohyɛdeɛ wɔ mo honam ani nso. Mene Awurade.
“‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa.
29 “‘Mma wo babaa nkɔbɔ adwaman mfa ngu ne ho fi na asase no annane abɔnefoɔ asase.
“‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi.
30 “‘Monni me homeda mmara no so na monni mʼAhyiaeɛ Ntomadan no ni, ɛfiri sɛ, mene Awurade.
“‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.
31 “‘Monnkɔ abisa wɔ adebisafoɔ ne abayifoɔ nkyɛn mmfa ngu mo ho fi, na mene Awurade mo Onyankopɔn.
“‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
32 “‘Momfa obuo ne anidie mma mpanimfoɔ wɔ Onyamesuro mu. Mene Awurade.
“‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa!
33 “‘Mommfa no sɛ yɛwɔ ahɔhoɔ wɔ yɛn ɔman yi mu enti yɛbɛsisi wɔn.
“‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o.
34 Mommu wɔn sɛdeɛ mobu onipa biara. Monnodɔ wɔn sɛ mo ho na monkae sɛ, na mo nso moyɛ ahɔhoɔ wɔ Misraim asase so. Mene Awurade mo Onyankopɔn.
Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!
35 “‘Ɛnsɛ sɛ mobu ntɛnkyea wɔ adesusuo, adekari anaa ade dodoɔ mu.
“‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o.
36 Ɛsɛ sɛ mo nsania ne mo nkariboɔ yɛ pɛpɛɛpɛ. Adeɛ a mode susu nsunsudeɛ ne nneɛma a ɛnyɛ nsunsu no nso, ɛsɛ sɛ ɛyɛ pɛpɛɛpɛ, ɛfiri sɛ, mene Awurade mo Onyankopɔn a mede mo firi Misraim baeɛ no.
Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte.
37 “‘Ɛsɛ sɛ modi me mmaransɛm ne mʼahyɛdeɛ no nyinaa so, na mene Awurade.’”
“‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’”

< 3 Mose 19 >