< Hesekiel 4 >

1 “Na afei, onipa ba, fa ntayaa bi to wʼanim na kurukyire Yerusalem kuropɔn mfoni wɔ so.
“Azɔ la, ame vi, tsɔ anyikpe aɖe, dae ɖe wò ŋkume, eye nàta Yerusalem du la ɖe edzi.
2 Si otua ho nnwuma ma no: yɛ apie tia no, yɛ mpampim ne nsraban wɔ ho, na fa obubuadaban nnua twa ho hyia.
Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe.
3 Afei, fa dadeɛ kyɛmferɛ to ɔfasuo wɔ wo ne kuropɔn no ntam na dane wʼani kyerɛ no. Wɔbɛtua kuropɔn no, na wo na wobɛtua no. Yei bɛyɛ nsɛnkyerɛnneɛ ama Israel efie.
Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la.
4 “Afei, da wo benkum so na fa Israel bɔne to wo ho so. Wobɛsoa wɔn bɔne nna dodoɔ a wode da wo fa so no.
“Ekema nàmlɔ wò miamekpa dzi, eye nàtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe ɖokuiwò dzi. Ele na wò be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ŋkeke ale si nàmlɔ wò miamekpa dzi.
5 Mede wɔn bɔne mfeɛ no mayɛ nna dodoɔ mama wo. Enti nnafua ahasa ne aduɔkron na wode bɛsoa Israelfoɔ bɔne.
Metsɔ ŋkekewo ƒe xexlẽme ma ke na wò abe woƒe nu vɔ̃wo ƒe ƒewo ƒe xexlẽme ene. Ale hena ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke la, àtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo.
6 “Ɛno akyi, da bio wɔ wo nifa so na soa Yudafoɔ bɔne adaduanan a ɛda koro biara bɛyɛ afe baako.
“Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu.
7 Dane wʼani kyerɛ Yerusalem mpampim na fa nsa pan hyɛ nkɔm tia no.
Trɔ wò mo ɖo ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem gbɔ. Mègatsɔ naneke tsyɔ abɔ o, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu.
8 Mede ntampehoma bɛkyekyere wo sɛdeɛ worentumi nnane wo ho kɔsi sɛ otua nna no bɛba nʼawieeɛ.
Mabla wò kple ka ale be màte ŋu atrɔ tso axa ɖeka dzi ayi evelia dzi o va se ɖe esime nàwu wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo nu.
9 “Fa atokoɔ ne ayuo, asɛ ne asɛdua, kɔkɔte ne aburoo; fa ne nyinaa gu adekora kuruwa mu na fa to burodo a wobɛdi. Yei na wobɛdi wɔ nnafua ahasa ne aduɔkron a woda wo fa so no.
“Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke siwo me nàmlɔ axadzi.
10 Kari aduane gram ahanu ne aduasa a wobɛdi no ɛda koro biara wɔ ɛberɛ ano, berɛ ano.
Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi.
11 Afei, susu nsuo sukuruwa baako na nom no berɛ ano berɛ ano.
Kpe ɖe esia ŋu la, dzidze tsi hin ƒe mama adelia ƒe ɖeka, eye nànoe le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi.
12 Di aduane no sɛdeɛ anka wobɛdi atokoɔ ɔfam; to ma nnipa nhunu, na fa onipa agyanan yɛ ogya.”
Ɖu nu la abe lubolo ene. Mee le ameawo ƒe ŋkume le dzo si wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi la dzi.”
13 Awurade kaa sɛ: “Saa ara na Israelfoɔ bɛdi aduane a wɔagu ho fi wɔ amanaman a mɛpam wɔn akɔ so no.”
Yehowa gblɔ be, “Ale Israelviwo aɖu nu makɔmakɔ le dukɔwo dome, afi si manya wo aɖo ɖo.”
14 Na mekaa sɛ, “Ɛnte saa, Otumfoɔ Awurade! Menguu me ho fi da. Ɛfiri me mmɔfraase bɛsi saa ɛberɛ yi, mennii aboa funu anaa deɛ nkekaboa bi akum no atete ne mu da. Ɛnam a ɛho agu fi nkaa mʼano da.”
Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.”
15 Awurade kaa sɛ, “Ɛyɛ, mɛma wode nantwie agyanan asi onipa deɛ anan mu, na wato wo burodo wɔ so.”
Egblɔ nam be, “Enyo ŋutɔ; mana nàme wò abolo le dzo si wodo kple nyi ƒe afɔdzi la dzi ɖe esi wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi teƒe.”
16 Afei ɔka kyerɛɛ me sɛ, “Onipa ba, mɛtwa aduane a wɔde ba Yerusalem so. Nnipa no de ahoyera bɛdi aduane a wɔkyekyɛ mu, na wɔde abasamutuo anom nsuo a wɔkyekyɛ,
Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me,
17 ɛfiri sɛ aduane ne nsuo ho bɛyɛ den. Wɔn ho bɛdwiri wɔn sɛ wɔhunu wɔn ho wɔn ho, na wɔn bɔne enti, wɔbɛfonfɔn.”
elabena nuɖuɖu kple tsi magabɔ o. Ne wokpɔ wo nɔewo la, woƒe nu aku, eye woatsrɔ̃ le woƒe nu vɔ̃wo ta.”

< Hesekiel 4 >