< 2 Berɛsosɛm 21 >
1 Ɛberɛ a Yehosafat wuiɛ no, wɔsiee no wɔ nʼagyanom nkyɛn wɔ Dawid kurom. Na ne babarima Yehoram dii nʼadeɛ sɛ ɔhene.
Esi Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe Du la me, eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe.
2 Yehoram nuanom mmarima a na wɔyɛ Yehosafat mmammarima foforɔ bi no ne Asaria, Yehiel, Sakaria, Asaria, Mikael ne Sefatia.
Fofoa ƒe viŋutsu bubuwoe nye Azaria, Yehiel, Zekaria, Azaria, Mikael kple Sefatia.
3 Wɔn agya maa wɔn mu biara akyɛdeɛ a ɛsom bo, a ɛyɛ dwetɛ, sikakɔkɔɔ ne aboɔdenneɛ, na afei, ɔde Yuda nkuro a wɔabɔ ho ban no bi kyekyɛɛ wɔn. Na ɛsiane sɛ Yehoram yɛ abakan enti, ɔbɛyɛɛ ɔhene.
Wo fofo na klosalo, sika kple nu xɔasi geɖewo wo kpe ɖe Yuda du siwo woglã la ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yehoram elabena eyae nye via ŋusu ŋgɔgbetɔ.
4 Na ɛberɛ a Yehoram ahennie timiiɛ no, ɔkunkumm ne nuammarima no nyinaa ne Israelfoɔ ntuanofoɔ bi.
Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã.
5 Ɛberɛ a Yehoram dii adeɛ no, na wadi mfirinhyia aduasa mmienu. Na ɔdii adeɛ Yerusalem mfirinhyia nwɔtwe.
Yehoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi.
6 Na Yehoram yɛɛ sɛdeɛ Israel ahemfo yɛeɛ. Na ɔyɛ otirimuɔdenfoɔ te sɛ ɔhene Ahab, ɛfiri sɛ, na waware Ahab mmammaa no mu baako. Enti Yehoram yɛɛ bɔne wɔ Awurade ani so.
Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.
7 Nanso, na Awurade mpɛ sɛ ɔsɛe Dawid ahennie nnidisoɔ, ɛfiri sɛ, na ɔne Dawid ayɛ apam ahyɛ bɔ sɛ, nʼasefoɔ bɛkɔ so adi ɔhene afebɔɔ.
Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko.
8 Yehoram berɛ so na Edomfoɔ sɔre tiaa Yuda, na wɔsii wɔn ankasa wɔn ɔhene.
Le Yehoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui.
9 Enti, Yehoram de akodɔm ne ne nteaseɛnam nyinaa kɔto hyɛɛ Edom so. Edomfoɔ twaa ɔno ne ne nteaseɛnamkafoɔ ho hyiaeɛ, nanso ɔfaa anadwo sum mu dwaneeɛ.
Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo.
10 Edom ade ne ho a ɔnhyɛ Yuda ase de bɛsi ɛnnɛ. Saa ɛberɛ korɔ no ara mu, Libna kuro tee atua, ɛfiri sɛ, na Yehoram atwe ne ho afiri Awurade, nʼagyanom Onyankopɔn ho.
Gake Edomtɔwo do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã elabena Yehoram trɔ le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu yome.
11 Na wasisi abosonsomfoɔ asɔreeɛ wɔ Yuda mmepɔ asase so, ama nnipa a wɔwɔ Yerusalem ne Yuda akɔsom abosonsomfoɔ anyame.
Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo.
12 Na odiyifoɔ Elia twerɛɛ saa krataa yi kɔmaa Yehoram: “Asɛm a Awurade, wʼagya Dawid Onyankopɔn seɛ nie: ‘Woanni wʼagya Yehosafat anaa wo nana Yudahene Asa nhwɛsoɔpa so.
Nu sia na Nyagblɔɖila Eliya ŋlɔ agbalẽ sia nɛ be, “Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be, esi mèto fofowò Yehosafat alo Fia Asa ƒe afɔtoƒe o,
13 Mmom, woayɛ omumuyɛfoɔ sɛ Israel ahemfo. Woama Yerusalemfoɔ ne Yudafoɔ akɔsom ahoni te sɛ deɛ ɔhene Ahab yɛɛ wɔ Israel no. Na mpo, woakunkum wʼankasa wo nuanom mmarima a na wɔdi mu sene wo.
ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la,
14 Enti afei, Awurade de ɔhaw kɛseɛ bɛba wo, wo nkurɔfoɔ, wo mma, wo yerenom ne biribiara a ɛyɛ wo dea so.
Yehowa atsrɔ̃ wò dukɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe azɔ. Woatsrɔ̃ wò ŋutɔ, viwòwo, srɔ̃wòwo kple nu siwo katã le asiwò.
15 Wʼankasa deɛ, wɔde nsono mu yadeɛ a ɛyɛ ya yie bɛto wo so kɔsi sɛ wʼayamudeɛ bɛtu apue.’”
Dɔléle, aɖe fu na wò dɔkaviwo eye wò dɔmenuwo aƒaƒã.”
16 Na Awurade kaa Filistifoɔ ne Arabfoɔ a na wɔte bɛn Etiopiafoɔ so sɛ wɔnkɔto nhyɛ Yehoram so.
Ale Yehowa na Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, ame siwo do liƒo kple Kustɔwo la ho aʋa ɖe Yehoram ŋu.
17 Wɔbɔɔ nsra kɔɔ Yuda so, kɔbubuu ne banbɔdeɛ nyinaa, foo aboɔden nneɛma a ɛwɔ ahemfie hɔ a ne mmammarima ne ne yerenom ka ho. Ne babarima kumaa Yehoahas nko na wɔgyaa no.
Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si.
18 Yei akyi na Awurade maa nsono mu yadeɛ a ano yɛ den bɔɔ Yehoram.
Le esiawo megbe la, Yehowa na dɔléle dze Fia Yehoram ƒe dɔmenuwo dzi.
19 Ɛberɛ no mu ara, mfeɛ mmienu akyi, yadeɛ no maa nʼayamdeɛ pueeɛ, na ɔwuu ɔyea mu. Ne nkurɔfoɔ ammɔ ogyatannaa kɛseɛ, amfa anhyɛ no animuonyam wɔ nʼayiyɛ mu sɛdeɛ wɔyɛ maa nʼagyanom no.
Le ƒe eve megbe la, eƒe dɔkaviwo do go eye wòku le vevesese geɖe me. Womewɔ kɔnu siwo wowɔna na fiawo ne wòku la nɛ o.
20 Yehoram dii adeɛ no, na wadi mfirinhyia aduasa mmienu, na ɔdii adeɛ Yerusalem mfirinhyia nwɔtwe. Ɔwuiɛ no, anyɛ obiara awerɛhoɔ. Wɔsiee no Dawid kurom, nanso ɛnyɛ adehyeɛ asieeɛ.
Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o.