< Atemmufo 14 >

1 Da bi a na Samson wɔ Timna no, ohuu Filistini ababaa bi.
Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe.
2 Ɔsan kɔɔ fie no, ɔka kyerɛɛ nʼagya ne ne na se, “Mahu Filistini ababaa bi wɔ Timna a mepɛ sɛ meware no.”
Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee.
3 Nʼagya ne ne na ampene so kaa no anibere so se, “Enti yɛn abusua yi mu anaa Israelfo yi mu, ɔbea baako mpo nni mu a wutumi ware no? Adɛn na ɛsɛ sɛ wokɔ Filistifo abosonsomfo mu kɔhwehwɛ ɔyere?” Nanso Samson ka kyerɛɛ nʼagya se, “Kɔyɛ ne ho ade ma me. Ɔno ara na mepɛ.”
Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?” Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.”
4 Nʼagya ne ne na anhu sɛ Awurade na ɔreyɛ nʼadwuma, rehwehwɛ akwannya bi a ɔbɛfa so atia Filistifo a saa bere no na wodi Israelfo so.
Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o.
5 Samson ne nʼawofo rekɔ Timna no, gyata ba bi tow hyɛɛ Samson so wɔ beae bi a ɛbɛn Timna bobe nturo.
Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo.
6 Amono mu hɔ ara, Awurade Honhom baa ne so wɔ ahoɔden mu, na ɔde ne nsa hunu waee gyata no abogye. Ɔwaee te sɛ nea ɔrewae abirekyi ba bi abogye. Nanso wanka nea ɔyɛe yi ankyerɛ nʼawofo.
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o.
7 Samson duu Timna no, ɔne ɔbea no kasae, na nʼani gyee ne ho.
Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo.
8 Akyiri no a ɔresan akɔ Timna akohyia ayeforo no, ɔman kɔhwɛɛ gyata no funu no. Ohuu sɛ nnowa kuw akɔyɛ ɛwo wɔ mu.
Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme.
9 Okotii ɛwo no bi dii wɔ kwan so. Ɔmaa nʼawofo no bi ma wodii. Nanso wanka ankyerɛ wɔn sɛ onyaa ɛwo no wɔ gyata funu no mu.
Eɖe anyitsi la, ɖu ɖe le mɔa dzi eye wòna ɖe fofoa kple dadaa gake megblɔ na wo be dzata ƒe dɔ me ye yekpɔe tsoe o.
10 Afei, bere a nʼagya reyɛ ahoboa ama awaregye no, Samson too pon wɔ Timna, sɛnea amanne kyerɛ saa bere no.
Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene.
11 Wɔtoo nsa frɛɛ mmerante aduasa a wofi kurow no mu sɛ wɔmmɛka ne ho.
Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu.
12 Samson ka kyerɛɛ wɔn se, “Momma menka aborɔme bi nkyerɛ mo. Sɛ nnanson aponto yi mu, mutumi yi ano a, mɛma mo sirikyitam ntade aduasa ne ntade ahorow bi nso aduasa.
Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi.
13 Sɛ moantumi anyi ano nso a, mo nso mobɛma me sirikyitam ntade aduasa ne ntade ahorow bi nso aduasa.” Wɔka kyerɛɛ no se, “Ka aborɔme no ma yentie.”
Ke ne miete ŋu ɖe egɔme o la, ekema miawo hã miatsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam.” Woɖo eŋu nɛ be, “To wò adzo la na mí, na míase wò adzo la.”
14 Ɔkaa no se, “Nea odidi mu na wonya biribi a wodi; ɔhoɔdenfo mu na ade dɛɛdɛ fi ba.” Nnansa akyi no, na wontumi nyii ano.
Adzo si wòto lae nye, “Nuɖuɖu do tso nuɖula me eye nu vivi do tso nu sesẽ me!” Ŋkeke etɔ̃ va yi, womete ŋu ɖe adzo la gɔme o.
15 Ne nnaanan so no, wɔkɔka kyerɛɛ Samson yere se, “Gye aborɔme no mmuae fi wo kunu hɔ ma yɛn, anyɛ saa a, yɛbɛhyew wo ne wʼagya fi ama wɔawu. Motoo nsa frɛɛ yɛn wɔ ha sɛ morebesisi yɛn ana?”
Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?”
16 Enti Samson yere de su baa ne nkyɛn bɛkae se, “Wonnɔ me. Wotan me! Woaka aborɔme bi akyerɛ me nkurɔfo, nanso wonkyerɛɛ me ase.” Samson buaa ne yere no se, “Saa ara na mʼagya ne me na nso menkyerɛɛ wɔn ase ɛ. Na adɛn nti na ɛsɛ sɛ meka kyerɛ wo?”
Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.” Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?”
17 Enti osu guu ne so bere biara a ɔne no wɔ hɔ. Ɔkɔɔ so saa ara nna a aka na aponto no aba nʼawie nyinaa. Nnanson so no, esiane haw a ɔhaw no nti, ɔkyerɛɛ no ase. Ɔno nso kaa aborɔme nkyerɛase no kyerɛɛ mmerante no.
Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo.
18 Na nnanson so, ansa na owia rebɛtɔ no, kurow no mu mmarima baa Samson nkyɛn bɛkyerɛɛ no ase se, “Dɛn na ɛyɛ dɛ sen ɛwo? Dɛn na ɛwɔ ahoɔden sen gyata?” Samson buaa wɔn se, “Sɛ mo ne ɔfatwafo no antu agyina a, anka morennya aborɔme no nkyerɛase.”
Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be, “Nu kae vivina wu anyitsi eye nu kae sesẽ wu dzata?” Samson gblɔ na wo be, “Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la, anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.”
19 Afei, Awurade Honhom de ahoɔden kɛse bi baa ne so. Ɔkɔɔ Askelon kurow mu. Okunkum mmarima aduasa faa wɔn agyapade nyinaa. Ɔde wɔn ntade maa mmarima a woyii aborɔme no ano no. Na Samson bo annwo nea ɛbae no ho yiye nti ɔkɔɔ ne fi na ɔne nʼawofo kɔtenae.
Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me.
20 Enti wɔde ne yere no maa ɔbarima a na odi Samson nan ase wɔ wɔn ayeforohyia mu no aware.
Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a.

< Atemmufo 14 >