< 2 Samuel 7 >

1 Bere a wɔbɔɔ ɔhene no atenase wɔ nʼahemfi na Awurade ama asomdwoe aba asase no so no,
Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la,
2 Dawid frɛɛ odiyifo Natan se, “Hwɛ, mete ahemfi a wɔde sida asi mu, na Onyankopɔn Adaka no nso si ntamadan mu.”
David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”
3 Na Natan buaa ɔhene no se, “Biribiara a woadwene ho sɛ wobɛyɛ no, kɔ so na yɛ, na Awurade ka wo ho.”
Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.”
4 Na anadwo no, Awurade ka kyerɛɛ Natan se,
Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be,
5 “Kɔka kyerɛ me somfo Dawid se, ‘Sɛnea Awurade se ni: Wone obi a ɛsɛ sɛ wusi dan ma me na metena mu ana?
“Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea?
6 Efi bere a mede Israelfo fi Misraim bae de besi nnɛ no, mentenaa ɔdan mu da. Daa wotu mʼase fi baabi kɔ baabi.
Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe.
7 Bere biara a wotu mʼase a Israelman nyinaa ka me ho no, motee sɛ mibisaa wɔn sodifo, wɔn a mehyɛ wɔn sɛ wɔnhwɛ me nkurɔfo Israelfo no se, “Adɛn nti na momfaa sida nsii ofi mmaa me da?”’
Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?”’
8 “Afei, kɔka kyerɛ me somfo Dawid se, ‘Sɛnea Asafo Awurade se ni: Miyii wo fii mmoa adidibea ne nguan akyidi mu, de wo besii me nkurɔfo Israel so hene.
“Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi.
9 Na baabiara a wokɔ no, meka wo ho, na matwa wʼatamfo nyinaa afi wʼanim. Na mɛma woagye din wɔ asase yi nyinaa so.
Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me!
10 Na mama me nkurɔfo Israelfo no baabi a wɔbɛtena afebɔɔ. Beae bi a ɛwɔ bammɔ a obiara renhaw wɔn. Ɛhɔ bɛyɛ wɔn ankasa asase a aman amumɔyɛfo renhyɛ wɔn so, sɛnea wɔyɛɛ bere bi a atwa mu no,
Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene
11 efi bere a mepaw atemmufo sɛ wonni me nkurɔfo so no. Mɛsan ama mo bammɔ afi mo atamfo nyinaa nsam. “‘Na Awurade aka akyerɛ wo se, ɔno Awurade na ɔbɛkyekyere ofi ama wo; ahemfo ntoatoaso fi.
alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ. “‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò.
12 Na sɛ wo nna to twa a, mɛma wʼaseni a ofi wʼasen mu adi wʼade, na matim nʼaheman ase.
Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.
13 Ɔno ne obi a obesi dan de me din ato so. Na matim nʼaheman mu ahengua ase afebɔɔ.
Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa.
14 Mɛyɛ nʼagya, na wayɛ me Ba. Sɛ ɔyɛ bɔne a, mɛma aman bi atwe nʼaso.
Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ,
15 Nanso, merenyi me dɔ mfi ne so da, sɛnea miyi fii Saulo a miyii no fii wʼanim no so ansa na wubedii nʼade no.
ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o.
16 Wo fi ne wʼahenni betim wɔ mʼanim afebɔɔ; na wʼahengua betim daa nyinaa.’”
Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’”
17 Enti Natan san kɔɔ Dawid nkyɛn kɔkaa nsɛm a Awurade aka no nyinaa kyerɛɛ no.
Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
18 Na ɔhene Dawid kɔtenaa Awurade anim bɔɔ mpae se, “Awurade Tumfo, me ne hena, na me fifo yɛ dɛn a wode me abedu nnɛ?
Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam?
19 Na afei Otumfo Awurade, eyinom nyinaa akyi no, woka sɛ wobɛma me ahenni a ɛte hɔ daa. Woyɛ nnipa nyinaa sɛɛ ana, Awurade Tumfo?
Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?
20 “Dɛn bio na metumi aka? Efisɛ wunim wʼakoa, Awurade Tumfo.
“Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla.
21 Wʼasɛm ne wo pɛ mu nti, woayɛ nneɛma kɛse yi nyinaa akyerɛ wo somfo.
Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya.
22 “Wo kɛseyɛ yɛ kokuroo, Awurade Tumfo! Obiara nte sɛ wo, Onyankopɔn bi nni hɔ sɛ wo, na yɛntee onyame foforo bi mpo ho asɛm ɛ!
“Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene.
23 Ɔman bɛn na ɛwɔ asase yi so a ɛte sɛ Israel? Ɔman foforo bɛn na woayi no afi nkoasom mu de wɔn ayɛ wo man? Bere a wuyii wo nkurɔfo fii Misraim no, wugyee din. Woyɛɛ anwonwade a ɛyɛ hu de pam aman ne ahoni ahorow a na wɔyɛ akwanside ma wo nkurɔfo no.
Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ.
24 Woasi wo nkurɔfo Israel sɛ wʼankasa wʼade afebɔɔ, na wo, Awurade, woabɛyɛ wɔn Nyankopɔn.
Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu.
25 “Na afei, Awurade Nyankopɔn, di bɔ a wohyɛ faa wʼakoa ne ne fi ho no so. Ma ɛnyɛ bɔhyɛ a ɛbɛtena hɔ daa,
“Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene,
26 na ama wo din akorɔn afebɔɔ. Na nnipa bɛka se, ‘Asafo Awurade yɛ Israel so Nyankopɔn.’ Na ma wo somfo Dawid ahenni ase ntim wɔ wʼanim.
ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee.
27 “Asafo Awurade, Israel Nyankopɔn, masi me bo abɔ saa mpae yi efisɛ woakyerɛ sɛ wobɛkyekye ofi a ɛyɛ daa ahenni ama me.
“Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.
28 Awurade Tumfo, woyɛ Onyankopɔn! Wo nsɛm mu wɔ ahotoso, na woahyɛ wo somfo nnepa ho bɔ.
Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla.
29 Afei, ma ɛnyɛ wo pɛ sɛ wubehyira wʼakoa fi so, na atoa so afebɔɔ wɔ wʼanim, na wo, Awurade, woakasa, na wo nhyira a wode behyira wo somfo fi no bɛyɛ daapem nhyira.”
Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena wò, Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye wò dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to wò yayra me tegbee.”

< 2 Samuel 7 >