< 2 Beresosɛm 9 >

1 Bere a Seba hemmea tee Salomo nka no, ɔbaa Yerusalem sɛ ɔde nsɛm a anoyi yɛ den rebɛsɔ no ahwɛ. Ɔne nʼasomfo bebree, yoma pii a wɔahyehyɛ nnuhuam, sikakɔkɔɔ bebree ne mpempranne wɔ wɔn so na ɛbae.
Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti.
2 Ohyiaa Salomo no, wodii biribiara a enti ɔbaa saa nsrahwɛ no ho nkɔmmɔ, maa Salomo yii ne nsɛmmisa nyinaa ano sɛnea ɛsɛ.
Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ.
3 Bere a Sebahemmea huu sɛnea Salomo adwene mu dɔ, ne ahemfi a wasi no,
Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe,
4 ne ho dwiriw no. Ohuu nnuan a esisi ne didipon so no, sɛnea watoto nʼadwumayɛfo ne ntade fɛɛfɛ a wɔhyehyɛ, kuruwakurafo ne wɔn ntade yuu ne ɔhyew afɔre a Salomo abɔ wɔ Awurade Asɔredan mu no, ɛyɛɛ no nwonwa.
nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.
5 Ofi ahodwiriw mu ka kyerɛɛ ɔhene no se, “Biribiara a metee wɔ me kurom a ɛfa nea woatumi ayɛ ne wo nyansa ho no yɛ nokware.
Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.
6 Mannye anni kosii sɛ mʼankasa mebaa ha de mʼani kann abehu. Nokware, mante emu fa mpo. Wo nyansa no boro nea wɔka kyerɛɛ me no so koraa.
Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia eye mekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Le nyateƒe me la, womegblɔ ale si wò nunya de ŋgɔe la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ekɔ gbɔ nutsotso siwo mese la ŋu sasasa.
7 Migye di sɛ ɛsɛ sɛ wo nkurɔfo yi ani gye! Ɛyɛ adom ma wʼadwumayɛfo yi sɛ wotumi bɛn wo adekyee biara na wotie wo nyansasɛm.
Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!
8 Awurade, wo Nyankopɔn yɛ ɔkɛse ampa. Nʼani gye wo ho nti, ɔde wo asi ahengua so sɛ di hene ma no. Efisɛ Onyankopɔn pɛ Israel asɛm dodo, na ɔpɛ sɛ saa ahenni yi tena afebɔɔ; wasi wo hene sɛnea wode nokware ne atɛntrenee bebu ɔman no.”
Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.”
9 Afei, ɔmaa ɔhene no sikakɔkɔɔ akyɛde a ɛkari tɔn 4 ne nnuhuam pii ne aboɔden mpempranne. Seba hemmea nnuhuam a ɔde maa Salomo no so bi mmaa da.
Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.
10 Bere a Huram hyɛn mufo ne Salomo nkurɔfo de sikakɔkɔɔ fi Ofir bae no, wɔde ɔbako nnua pa bebree ne mpempranne kaa ho bae.
Fia Hiram kple Solomo ƒe tɔdziʋukulawo tsɔ sika si tso Ofir kple papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ.
11 Ɔhene no de ɔbako nnua no yɛɛ Awurade Asɔredan ne ahemfi no atrapoe. Ɔde bi nso yɛɛ asankuten ne mmɛnta maa nnwom ho nimdefo no. Na saa nnwontode no so bi mmaa da wɔ Yuda.
Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o.
12 Biribiara a Seba hemmea bisaa ɔhene Salomo no, ɔde maa no. Na ɛyɛ akyɛde a ɛsom bo pa ara, na ɛboro nea ɔhemmea de brɛɛ no no so. Afei, ɔhemmea no ne nʼasomfo no san kɔɔ wɔn ankasa asase so.
Fia Solomo tsɔ nunana geɖewo na Seba fianyɔnu la eye woƒe home de esi fianyɔnu la nae nu hafi wògatsɔ nu sia nu si fianyɔnu la biae la nɛ. Azɔ la, fianyɔnu la kple eƒe amewo trɔ yi wo de.
13 Afe biara, na sikakɔkɔɔ a ɛba Salomo nsam no yɛ tɔn aduonu anum.
Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃,
14 Na sika a onya fi aguadifo nkyɛn no nka eyi ho. Na Arabia ahemfo nyinaa ne amradofo a wɔwɔ asase no so nyinaa brɛ Salomo sikakɔkɔɔ ne dwetɛ.
ga si asitsalawo tsɔna vɛ nɛ la mele eme o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Arabia fiawo katã kple anyigba la dzi mɔmefiawo tsɔa sika kple klosalo vɛ na Solomo.
15 Ɔhene Salomo ma wɔde sikakɔkɔɔ a wɔaboro yɛɛ akyɛm akɛse ahannu a emu biara sikakɔkɔɔ a ɛwɔ mu no mu duru yɛ kilogram ason.
Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
16 Ɔsan yɛɛ sikakɔkɔɔ nkatabo nketewa ahaasa a wɔde asae aboro a na sikakɔkɔɔ a wɔde yɛɛ emu biara no mu duru bɛyɛ kilogram abiɛsa ne fa. Ɔhene no kɔkoraa saa nkatabo no wɔ Lebanon Kwae Ahemfi mu.
Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃, ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo eve. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ me le eƒe fiasã la me.
17 Afei, ɔhene no de asonse yɛɛ ahengua kɛse bi, na ɔde sikakɔkɔɔ ankasa guu ho.
Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu.
18 Na ahengua no wɔ atrapoe asia a wɔde sikakɔkɔɔ ntiasode afam ho. Ahengua no wɔ nsa wɔ benkum. Ne nifa na gyata sɛso nso gyinagyina afa ne fa wɔ ahengua no ho.
Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi.
19 Salomo san yɛɛ gyata sɛso dumien a ɔbaako biara gyina atrapoe ntiaso asia no mu biara benkum ne nifa. Ahengua biara nni wiase a wobetumi de atoto Salomo de no ho.
Dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o.
20 Ɔhene Salomo nkuruwa nyinaa, sikakɔkɔɔ na wɔde yɛe. Saa ara na nneɛma ahorow a ɛwɔ Lebanon Kwae Ahemfi mu no nso te. Wɔamfa dwetɛ anyɛ, efisɛ Salomo bere so no, na wobu dwetɛ ade teta bi.
Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o.
21 Na ɔhene no wɔ aguadi ahyɛn a emu adwumayɛfo yɛ Huram asomfo. Mfe abiɛsa biara, ahyɛn no ba a, wɔde sikakɔkɔɔ, dwetɛ, asonse, nsoroboa ne asibe brɛ ɔhene no.
Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram ƒe dɔlawo tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.
22 Enti ɔhene Salomo bɛyɛɛ ɔdefo ne onyansafo sen ɔhene biara wɔ asase so nyinaa.
Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me.
23 Ahemfo fifi aman nyinaa so bɛsraa no, tiee ne nyansasɛm a Onyankopɔn de adom no no bi.
Fiawo tsoa dukɔ ɖe sia ɖe me vana Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me.
24 Afe biara, obiara a ɔbɛba abɛsra no no, ɔbrɛ no akyɛde te sɛ dwetɛ, sikakɔkɔɔ, ntade, akode, nnuhuam, apɔnkɔ ne funumpɔnkɔ.
Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika kple awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe.
25 Na Salomo wɔ apɔnkɔdan mpem anan a ne nteaseɛnam apɔnkɔ da mu ne apɔnkɔ mpem dumien. Ɔde mu fa kɛse no kɔɔ nkurow a ne nteaseɛnam wɔ mu, na ɔmaa bi nso bɛn no wɔ Yerusalem.
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ.
26 Odii hene bunkam faa ahemfo nyinaa so, fi Asubɔnten Eufrate ano de kosi Filistifo asase ne Misraim hye so.
Solomo ɖu fia ɖe fia kple fiaɖuƒe ɖe sia ɖe dzi tso Frat tɔsisi la to yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi heyi keke Egipte ƒe liƒo dzi.
27 Ɔhene no maa dwetɛ buu so ma ɛyɛɛ sɛ abo wɔ Yerusalem. Sida nnua nso, onya ma ebuu ne so te sɛ ankye nnua a enyin wɔ Yuda mmepɔw ase no.
Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.
28 Na wɔtɔ Salomo apɔnkɔ fi Misraim ne aman ahorow bebree so.
Wotsɔa sɔwo tso Egipte kple dukɔ bubuwo me vɛ nɛ.
29 Salomo ahenni ho nsɛm nkae, fi mfiase kosi awiei no, wɔankyerɛw angu odiyifo Natan nhoma, Ahiya a ofi Silon adiyisɛm ne nhumuni Ido anisoadehu a ɛfa Nebat babarima Yeroboam ho no mu ana?
Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me.
30 Salomo tenaa Yerusalem dii Israel nyinaa so hene mfirihyia aduanan.
Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene.
31 Owui no, wosiee no wɔ nʼagya Dawid kurom. Ne babarima Rehoboam na odii nʼade sɛ ɔhene.
Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.

< 2 Beresosɛm 9 >