< Ezgiler Ezgisi 7 >
1 Ne güzel sandaletli ayakların, Ey soylu kız! Mücevher gibi yuvarlak kalçaların, Usta ellerin işi.
Wò, dumegã ƒe vinyɔnu, atokota dze afɔ na wò loo! Wò zɔzɔme le tɔxɛ abe dzonu vavã si aɖaŋuwɔla wɔ la ene.
2 Karışık şarabın hiç eksilmediği Yuvarlak bir tas gibi göbeğin. Zambaklarla kuşanmış Buğday yığını gibi karnın.
Wò agbɔgbɔnu sɔ tebee abe wainkplu si me wain si wotɔtɔ la mevɔna le o la ene. Wò alime keke abe bli si woli kɔe, eye dzogbenya ɖe to ɖee la ene.
3 Sanki bir çift geyik yavrusu memelerin, İkiz ceylan yavrusu.
Wò nowo le abe sãdevi eve siwo nye zi ƒe evenɔviwo la ene.
4 Fildişi kule gibi boynun. Bat-Rabim Kapısı yanındaki Heşbon havuzları gibi gözlerin. Şam'a bakan Lübnan Kulesi gibi burnun.
Wò kɔ le tsralɛ abe nyiɖuxɔ tsrala ene. Wò ŋkuwo le abe Hesbon ƒe tsita si le Bat Rabingbo nu la ene. Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsrala si dze ŋgɔ Damasko la ene.
5 Karmel Dağı gibi duruyor başın, Pırıl pırıl mora çalar saçların. Kaküllerine tutsak oldu kral.
Wò ta le tegblẽe abe Karmel to ene, eye wò taɖa le abe fia ƒe avɔ si wotsɔ ka vovovowo lɔ̃e la ene. Eƒe dzedzeme ɖe aboyo fia la.
6 Ne güzel, ne çekicidir aşk! Zevkten zevke sürükler.
Èdze tugbe ŋutɔ, eye wò nu hã nyoa ame ŋu. O lɔlɔ̃, wò nuwɔna ɖe sia ɖe doa dzidzɔ na nye dzi!
7 Hurma ağacına benziyor boyun, Salkım salkım memelerin.
Wò kɔkɔme le abe deti ene, eye wò nowo le toɖoe abe atikutsetse siwo le kpo ŋuti la ene.
8 “Çıkayım hurma ağacına” dedim, “Tutayım meyveli dallarını.” Üzüm salkımları gibi olsun memelerin, Elma gibi koksun soluğun,
Megblɔ be, “Made deti la dzi, eye malé eƒe tsetsea ɖe asi.” Wò nowo nenɔ abe wainkpo siwo le wainka ŋu la ene, wò gbɔgbɔ naʋẽ lĩlĩlĩ abe aplu ene,
9 En iyi şarap gibi ağzın. Sevgilimin dudaklarına, dişlerine doğru kaysın.
eye wò nu me nenye wain nyuitɔ. Wain la neto nye lɔlɔ̃tɔ ƒe nu me kple eƒe aɖutame wɔlii.
10 Ben sevgilime aitim, O da bana tutkun.
Menye nye lɔlɔ̃tɔ tɔ, eye eya hã ƒe dzi le yonyeme.
11 Gel, sevgilim, kıra çıkalım, Köylerde geceleyelim.
Nye lɔlɔ̃tɔ, va; na míayi gbe me, eye míatsi kɔƒe me adɔ.
12 Bağlara gidelim sabah erkenden, Bakalım, asma tomurcuk verdi mi? Dalları yeşerdi mi, Narlar çiçek açtı mı, Orada sevişeceğim seninle.
Na míafɔ kaba ayi waingblewo me, akpɔe ɖa be wainkawo te tsetse, woƒe seƒoƒowo ke, eye gbotiwo hã le tsetsem mahã; le afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò.
13 Mis gibi koku saçıyor adamotları, Kapımızın yanıbaşında Taze, kuru, Her çeşit seçme meyve var. Senin için sakladım onları, sevgilim.
Adrikewo le ya ɖem nyuie, eye atikutsetse vivi vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu, eye medzra yeyeawo kple xoxoawo siaa ɖo na wò, nye lɔlɔ̃tɔ.