< Mezmurlar 29 >

1 Davut'un mezmuru Ey ilahi varlıklar, RAB'bi övün, RAB'bin gücünü, yüceliğini övün,
David ƒe ha. Mitsɔ bubu na Yehowa, O! Mi ŋusẽtɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.
2 RAB'bin görkemini adına yaraşır biçimde övün, Kutsal giysiler içinde RAB'be tapının!
Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze Yehowa ƒe ŋkɔ nɛ; misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me.
3 RAB'bin sesi sulara hükmediyor, Yüce Tanrı gürlüyor, RAB engin sulara hükmediyor.
Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi; Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe, eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi.
4 RAB'bin sesi güçlüdür, RAB'bin sesi görkemlidir.
Ŋusẽ le Yehowa ƒe gbe ŋu, eye ŋutikɔkɔe nye Yehowa ƒe gbe.
5 RAB'bin sesi sedir ağaçlarını kırar, Lübnan sedirlerini parçalar.
Yehowa ƒe gbe ŋe Lebanon ƒe sedatiwo.
6 Lübnan'ı buzağı gibi, Siryon Dağı'nı yabanıl öküz yavrusu gibi sıçratır.
Ena Lebanon ti kpo abe nyivi ene, eye Sirion hã abe tovi ene.
7 RAB'bin sesi şimşek gibi çakar,
Yehowa ƒe gbe ke dzo mia abe dzikedzo ene.
8 RAB'bin sesi çölü titretir, RAB Kadeş Çölü'nü sarsar.
Yehowa ƒe gbe ʋuʋu dzogbenyigba, eye Yehowa ʋuʋu Kades Dzogbenyigba.
9 RAB'bin sesi geyikleri doğurtur, Ormanları çıplak bırakır. O'nun tapınağında herkes “Yücesin!” diye haykırır.
Yehowa na gboti sesẽwo ʋuʋu heyeheye, eye wòna avewo lũ xɛ. Le eƒe gbedoxɔ me la, ame sia ame do ɣli be, “Ŋutikɔkɔe!”
10 RAB tufan üstünde taht kurdu, O sonsuza dek kral kalacak.
Yehowa nɔ eƒe fiazikpui dzi gli le tsiɖɔɖɔ dzi. Woɖo Yehowa fia tso mavɔ me yi mavɔ me.
11 RAB halkına güç verir, Halkını esenlikle kutsar!
Yehowa naa ŋusẽ eƒe dukɔ; eye wòyraa eƒe amewo kple ŋutifafa.

< Mezmurlar 29 >