< Mezmurlar 115 >

1 Bizi değil, ya RAB, bizi değil, Sevgin ve sadakatin uğruna, Kendi adını yücelt!
Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o, ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta.
2 Niçin uluslar: “Hani, nerede onların Tanrısı?” desin.
Nu ka ta dukɔwo le gbɔgblɔm be, “Afi ka woƒe Mawu la le?”
3 Bizim Tanrımız göklerdedir, Ne isterse yapar.
Míaƒe Mawu la le dziƒo, eye nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna,
4 Oysa onların putları altın ve gümüşten yapılmış, İnsan elinin eseridir.
gake woawo ya ƒe legbawo nye klosalo kple sika, eye amegbetɔ ƒe asiwoe wɔ wo,
5 Ağızları var, konuşmazlar, Gözleri var, görmezler,
eya ta nu li na wo, gake womate ŋu aƒo nu o, ŋku li na wo, gake womate ŋu akpɔ nu o;
6 Kulakları var, duymazlar, Burunları var, koku almazlar,
to li na wo, gake womesea nu o, ŋɔti li na wo, gake womeʋẽa nu sena o;
7 Elleri var, hissetmezler, Ayakları var, yürümezler, Boğazlarından ses çıkmaz.
asi li na wo, gake wometea nu kpɔna o, afɔ li na wo, gake womate ŋu azɔ loo, alo aƒo nu to ve me o.
8 Onları yapan, onlara güvenen herkes Onlar gibi olacak!
Ame siwo wɔ wo la, anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe wo dzi.
9 Ey İsrail halkı, RAB'be güven, O'dur yardımcınız ve kalkanınız!
O! Israel ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
10 Ey Harun soyu, RAB'be güven, O'dur yardımcınız ve kalkanınız!
O! Aron ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
11 Ey RAB'den korkanlar, RAB'be güvenin, O'dur yardımcınız ve kalkanınız!
Mi ame siwo vɔ̃nɛ, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
12 RAB bizi anımsayıp kutsayacak, İsrail halkını, Harun soyunu kutsayacak.
Yehowa ɖo ŋku mía dzi, eya ta ayra mí. Ayra Israel ƒe aƒe la, ayra Aron ƒe aƒe la,
13 Küçük, büyük, Kendisinden korkan herkesi kutsayacak.
ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, suewo kple gãwo siaa.
14 RAB sizi, Sizi ve çocuklarınızı çoğaltsın!
Yehowa nana miadzi ɖe edzi, miawo ŋutɔwo kple mia viwo.
15 Yeri göğü yaratan RAB Sizleri kutsasın.
Yehowa neyra mi, eya dziƒo kple anyigba Wɔla.
16 Göklerin öteleri RAB'bindir, Ama yeryüzünü insanlara vermiştir.
Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa, Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ.
17 Ölüler, sessizlik diyarına inenler, RAB'be övgüler sunmaz;
Menye ame kukuwoe kafua Yehowa o, menye ame siwo zi ɖoɖoe le aʋlimee o;
18 Biziz RAB'bi öven, Şimdiden sonsuza dek. RAB'be övgüler sunun!
ke boŋ mí ame siwo doa Yehowa ɖe dzi fifia kple ɖaasi lae. Mikafu Yehowa.

< Mezmurlar 115 >