< Yaratiliş 11 >
1 Başlangıçta dünyadaki bütün insanlar aynı dili konuşur, aynı sözleri kullanırlardı.
Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko.
2 Doğuya göçerlerken Şinar bölgesinde bir ova bulup oraya yerleştiler.
Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o.
3 Birbirlerine, “Gelin, tuğla yapıp iyice pişirelim” dediler. Taş yerine tuğla, harç yerine zift kullandılar.
Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe.
4 Sonra, “Kendimize bir kent kuralım” dediler, “Göklere erişecek bir kule dikip ün salalım. Böylece yeryüzüne dağılmayız.”
Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”
5 RAB insanların yaptığı kentle kuleyi görmek için aşağıya indi.
Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la,
6 “Tek bir halk olup aynı dili konuşarak bunu yapmaya başladıklarına göre, düşündüklerini gerçekleştirecek, hiçbir engel tanımayacaklar” dedi,
egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o.
7 “Gelin, aşağı inip dillerini karıştıralım ki, birbirlerini anlamasınlar.”
Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!”
8 Böylece RAB onları yeryüzüne dağıtarak kentin yapımını durdurdu.
Ale Yehowa ka wo katã hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Ale du la tsotso nu tso.
9 Bu nedenle kente Babil adı verildi. Çünkü RAB bütün insanların dilini orada karıştırmış ve onları yeryüzünün dört bucağına dağıtmıştı.
Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.
10 Sam'ın soyunun öyküsü: Tufandan iki yıl sonra Sam 100 yaşındayken oğlu Arpakşat doğdu.
Esiae nye Sem ƒe ŋutinya. eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad.
11 Arpakşat'ın doğumundan sonra Sam 500 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
12 Arpakşat 35 yaşındayken oğlu Şelah doğdu.
Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela.
13 Şelah'ın doğumundan sonra Arpakşat 403 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
14 Şelah 30 yaşındayken oğlu Ever doğdu.
Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber,
15 Ever'in doğumundan sonra Şelah 403 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
16 Ever 34 yaşındayken oğlu Pelek doğdu.
Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg.
17 Pelek'in doğumundan sonra Ever 430 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
18 Pelek 30 yaşındayken oğlu Reu doğdu.
Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu.
19 Reu'nun doğumundan sonra Pelek 209 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Eye esi wòdzi Reu la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asiekɛ, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
20 Reu 32 yaşındayken oğlu Seruk doğdu.
Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug.
21 Seruk'un doğumundan sonra Reu 207 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Eye esi wòdzi Serug la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
22 Seruk 30 yaşındayken oğlu Nahor doğdu.
Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor.
23 Nahor'un doğumundan sonra Seruk 200 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Eye esi wòdzi Nahor megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
24 Nahor 29 yaşındayken oğlu Terah doğdu.
Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera.
25 Terah'ın doğumundan sonra Nahor 119 yıl daha yaşadı. Başka oğulları, kızları oldu.
Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
26 Yetmiş yaşından sonra Terah'ın Avram, Nahor ve Haran adlı oğulları oldu.
Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran.
27 Terah soyunun öyküsü: Terah Avram, Nahor ve Haran'ın babasıydı. Haran'ın Lut adlı bir oğlu oldu.
Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot.
28 Haran, babası Terah henüz sağken, doğduğu ülkede, Kildaniler'in Ur Kenti'nde öldü.
Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko.
29 Avram'la Nahor evlendiler. Avram'ın karısının adı Saray, Nahor'unkinin adı Milka'ydı. Milka Yiska'nın babası Haran'ın kızıydı.
Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska.
30 Saray kısırdı, çocuğu olmuyordu.
Ke Sarai medzi vi aɖeke o.
31 Terah, oğlu Avram'ı, Haran'ın oğlu olan torunu Lut'u ve Avram'ın karısı olan gelini Saray'ı yanına aldı. Kenan ülkesine gitmek üzere Kildaniler'in Ur Kenti'nden ayrıldılar. Harran'a gidip oraya yerleştiler.
Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran.
32 Terah iki yüz beş yıl yaşadıktan sonra Harran'da öldü.
Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃.