< Hezekiel 31 >

1 Sürgünlüğümüzün on birinci yılı, üçüncü ayın birinci günü RAB bana şöyle seslendi:
Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
2 “İnsanoğlu, firavuna ve halkına de ki, “‘Görkemde kim seninle boy ölçüşebilir?
“Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be, “Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?
3 Asur'a bak! Lübnan'da bir sedir ağacıydı, Ormana gölge salan güzel dalları vardı. Çok yüksekti, tepesi bulutlara erişiyordu.
Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon. Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi. Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo
4 Sular ağacı besledi, Derin su kaynakları büyüttü. Akarsular dikili olduğu yerin çevresine akıyor, Kanalları kırdaki bütün ağaçlara erişiyordu.
Tsiwo na nunyiamewoe, tsitsetse goglowo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete, eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati siwo katã le gbedzi la gbɔ.
5 Kırdaki bütün ağaçlardan daha çok büyüdü. Bol su verildiği için Dal budak saldı, dalları uzadı.
Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta.
6 Kuşlar dallarına yuva yaptı, Yabanıl hayvanlar dalları altında yavruladı, Büyük uluslar gölgesinde yaşadı.
Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.
7 Güzellikte eşsizdi. Dalları giderek uzadı, Çünkü kökleri bol su alıyordu.
Eɖi fia le eƒe nyonyo me, le eƒe alɔwo ƒe keke ta, elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me.
8 Tanrı'nın bahçesindeki sedir ağaçlarından hiçbiri Onunla boy ölçüşemezdi, Çam ağaçları dalları kadar bile değildi. Çınarlar onun dallarıyla boy ölçüşemezdi. Tanrı'nın bahçesindeki ağaçların hiçbiri Onun kadar güzel değildi.
Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la mete ŋu ke ɖi kplii o, sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o, eye womate ŋu atsɔ xetiwo ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o. Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la, mede enu le nyonyo me o.
9 Sık dallarla o sedir ağacını güzelleştirdim. Tanrı'nın bahçesi Aden'deki bütün ağaçlar onu kıskandı.
Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo, eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ, Mawu ƒe abɔ la me.
10 “‘Bu yüzden Egemen RAB şöyle diyor: Ağaç büyüyüp boy attığı, tepesi bulutlara eriştiği, büyüklüğünden ötürü gurura kapıldığı için
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la,
11 ben de onu kovdum, ulusların önderinin eline teslim ettim. Ona kötülüğü uyarınca davranacak.
metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga,
12 Yabancı ulusların en acımasızı onu kesip yalnız bıraktı. Dalları dağlara, derelere düştü; ülkenin vadilerinde kesilmiş duruyor. Yeryüzündeki bütün uluslar gölgesinden çekilip onu bıraktılar.
eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi.
13 Bütün kuşlar devrik ağaca kondu, yabanıl hayvanlar dalları arasına yerleşti.
Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome.
14 Öyle ki, suların yakınında yetişen hiçbir ağaç böylesi büyüyüp boy atmasın, tepesini bulutlara eriştirmesin; bol suyla sulanan hiçbir ağaç bu denli yükselmesin. Çünkü hepsi ölüm çukuruna inen insanlarla birlikte ölüme, yerin derinliklerine gidecek.
Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’
15 “‘Egemen RAB şöyle diyor: Sedir ağacı ölüler diyarına indiği gün, ona yas tutsunlar diye derin su kaynaklarını kapattım. Irmaklarını durdurdum, gür sularının önünü kestim. O ağaç yüzünden Lübnan'ı karanlığa boğdum, bütün orman ağaçlarını kuruttum. (Sheol h7585)
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. (Sheol h7585)
16 Ölüm çukuruna inenlerle birlikte onu ölüler diyarına indirdiğimde, yıkılışının gürültüsünden ulusları titrettim. O zaman Aden Bahçesi'ndeki bütün ağaçlar, Lübnan'ın en seçkin, en iyi, bol sulanan ağaçları yerin derinliklerinde avunç buldu. (Sheol h7585)
Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. (Sheol h7585)
17 Gölgesinde yaşayanlar, uluslar arasında onu destekleyenler de onunla birlikte ölüler diyarına, kılıçla öldürülmüşlerin yanına indiler. (Sheol h7585)
Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. (Sheol h7585)
18 “‘Aden ağaçlarından hangisi görkem ve yücelikte seninle boy ölçüşebilir? Ama sen de Aden ağaçlarıyla birlikte yerin derinliklerine indirilecek, sünnetsizlere, kılıçla öldürülmüşlere katılacaksın. “‘İşte firavunla halkının sonu böyle olacaktır.’ Egemen RAB böyle diyor.”
“‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< Hezekiel 31 >