< Misir'Dan Çikiş 35 >

1 Musa bütün İsrail topluluğunu çağırarak, “RAB'bin yapmanızı buyurduğu işler şunlardır” dedi,
Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ.
2 “Altı gün çalışacaksınız. Ama yedinci gün sizin için kutsal Şabat, RAB'be adanmış dinlenme günü olacaktır. O gün çalışan herkes öldürülecektir.
“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku.
3 Şabat Günü konutlarınızda ateş yakmayacaksınız.”
Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.”
4 Musa bütün İsrail topluluğuna seslenerek şöyle dedi: “RAB'bin buyruğu şudur:
Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be,
5 Aranızda armağanlar toplayıp RAB'be sunacaksınız. İstekli olan herkes RAB'be altın, gümüş, tunç; lacivert, mor, kırmızı iplik; ince keten, keçi kılı, deri, kırmızı boyalı koç derisi, akasya ağacı armağan etsin.
Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli,
6
avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu,
7
agbo kple nyigbalẽ siwo ƒe agbalẽ wode ama dzĩ, akasiati,
8 Kandil için zeytinyağı; mesh yağı ve güzel kokulu buhur için baharat;
akaɖimemi, atike ʋeʋĩwo hena ami sisi kple dzudzɔdodo,
9 başkâhinin efoduyla göğüslüğü için oniks ve öbür kakma taşları getirsin.
onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la.
10 “Aranızdaki bütün becerikli kişiler gelip RAB'bin buyurduğu her şeyi yapsın.
“Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ:
11 Konutu, çadırın iç ve dış örtüsünü, kopçalarını, çerçevelerini, kirişlerini, direklerini, tabanlarını;
“agbadɔ la, etamegbanuwo, eŋu ganuviwo kple ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo kple woƒe afɔwo,
12 sandığı ve sırıklarını, Bağışlanma Kapağı'nı, bölme perdesini,
nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la,
13 masayla sırıklarını, bütün masa takımlarını, huzura konan ekmekleri;
kplɔ̃ la, ekɔtiwo kple eŋunuwo katã, Ŋkumeɖobolo la,
14 ışık için kandilliği ve takımlarını, kandilleri, kandiller için zeytinyağını;
Akaɖiti la kple akaɖigbɛawo wo ŋunuwo kple ami,
15 buhur sunağını ve sırıklarını, mesh yağını, güzel kokulu buhuru; konutun giriş bölümündeki perdeyi;
dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ,
16 yakmalık sunu sunağını ve tunç ızgarasını, sırıklarını, bütün takımlarını, kazanı ve kazan ayaklığını;
Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ
17 avlunun çevresindeki perdeleri, direkleri, direk tabanlarını, avlu kapısındaki perdeyi,
kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la,
18 konutun ve avlunun kazıklarıyla iplerini;
agbadɔ la ƒe tsyoti kple woƒe kawo,
19 kutsal yerde hizmet etmek için dokunmuş giysileri –Kâhin Harun'un giysileriyle oğullarının kâhin giysilerini– yapsınlar.”
nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.”
20 İsrail topluluğu Musa'nın yanından ayrıldı.
Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ.
21 Her istekli, hevesli kişi Buluşma Çadırı'nın yapımı, hizmeti ve kutsal giysiler için RAB'be armağan getirdi.
Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo.
22 Kadın erkek herkes istekle geldi, RAB'be her çeşit altın takı, broş, küpe, yüzük, kolye getirdi. RAB'be armağan ettikleri bütün takılar altındı.
Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa.
23 Ayrıca kimde lacivert, mor, kırmızı iplik; ince keten, keçi kılı, deri, kırmızı boyalı koç derisi varsa getirdi.
Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ.
24 Gümüş ve tunç armağanlar sunan herkes onları RAB'be adadı. Herhangi bir işte kullanılmak üzere kimde akasya ağacı varsa getirdi.
Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu.
25 Bütün becerikli kadınlar elleriyle eğirdikleri lacivert, mor, kırmızı ipliği, ince keteni getirdiler.
Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ.
26 İstekli, becerikli kadınlar da keçi kılı eğirdiler.
Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe.
27 Önderler efod ve göğüslük için oniks, kakma taşlar,
Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu.
28 kandil, mesh yağı ve güzel kokulu buhur için baharat ve zeytinyağı getirdiler.
Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ.
29 Kadın erkek bütün istekli İsrailliler RAB'bin Musa aracılığıyla yapmalarını buyurduğu işler için RAB'be gönülden verilen sunu sundular.
Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ.
30 Musa İsrailliler'e, “Bakın!” dedi, “RAB Yahuda oymağından özellikle Hur oğlu Uri oğlu Besalel'i seçti.
Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me,
31 Beceri, anlayış, bilgi ve her türlü ustalık vermek için onu kendi Ruhu'yla doldurdu.
eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ.
32 Öyle ki, altın, gümüş, tunç işleyerek ustaca yapıtlar üretsin;
Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae.
33 taş kesme ve kakmada, ağaç oymacılığında, her türlü sanat dalında çalışsın.
Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.
34 RAB ona ve Dan oymağından Ahisamak oğlu Oholiav'a öğretme yeteneği de verdi.
Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo.
35 Onlara üstün beceri verdi. Öyle ki, ustalık isteyen her türlü işte, oymacılıkta, lacivert, mor, kırmızı iplik ve ince keten yapmada, dokuma ve nakış işlerinde, her sanat dalında yaratıcı olsunlar.
Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me.

< Misir'Dan Çikiş 35 >