< Misir'Dan Çikiş 27 >

1 “Sunağı akasya ağacından kare biçiminde yap. Eni ve boyu beşer arşın, yüksekliği üç arşın olacak.
“Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃.
2 Dört üst köşesine kendinden boynuzlar yaparak hepsini tunçla kapla.
Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu.
3 Sunak için yağ ve kül kovaları, kürekler, çanaklar, büyük çatallar, ateş kapları yap. Tümü tunç olacak.
Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.
4 Ağ biçiminde tunç bir ızgara da yap, dört köşesine birer tunç halka tak.
Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu.
5 Izgarayı sunağın kenarının altına koy. Öyle ki, aşağı doğru sunağın yarısına yetişsin.
Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame.
6 Sunak için akasya ağacından sırıklar yap, tunçla kapla.
Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ.
7 Sırıklar halkalara geçirilecek ve sunak taşınırken iki yanında olacak.
Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ.
8 Sunağı tahtadan, içi boş yapacaksın. Tıpkı dağda sana gösterildiği gibi olacak.”
Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.”
9 “Konuta bir avlu yap. Avlunun güney tarafı için yüz arşın boyunda, özenle dokunmuş ince keten perdeler yapacaksın.
“Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae,
10 Perdeler için yirmi direk yapılacak; direklerin tabanları tunç, çengelleri ve çengel çemberleri gümüş olacak.
eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu.
11 Kuzey tarafı için yüz arşın boyunda perdeler, yirmi direk, direkler için yirmi tunç taban yapılacak. Direklerin çengelleriyle çemberleri gümüşten olacak.
Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu.
12 “Avlunun batı tarafı için elli arşın boyunda perde, on direk, on taban yapılacak.
Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma.
13 Doğuya bakan tarafta avlunun eni elli arşın olacak.
Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve.
14 Girişin bir tarafında on beş arşın boyunda perde, üç direk ve üç taban olacak.
Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.
15 Girişin öbür tarafında da on beş arşın boyunda perde, üç direk ve üç taban olacak.
Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.
16 “Avlunun girişinde lacivert, mor, kırmızı iplikle, özenle dokunmuş ince ketenden yirmi arşın boyunda nakışlı bir perde olacak. Dört direği ve dört tabanı bulunacak.
“Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu.
17 Avlunun çevresindeki bütün direkler gümüş çemberlerle donatılacak. Çengelleri gümüş, tabanları tunç olacak.
Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae.
18 Avlunun boyu yüz, eni elli, çevresindeki perdelerin yüksekliği beş arşın olacak. Perdeleri özenle dokunmuş ince ketenden, tabanları tunçtan olacak.
Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo.
19 Konutta her türlü hizmet için kullanılacak bütün aletler, konutun ve avlunun bütün kazıkları da tunçtan olacak.”
“Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã.
20 “İsrail halkına buyruk ver, kandilin sürekli yanıp ışık vermesi için saf sıkma zeytinyağı getirsinler.
“Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi.
21 Harun'la oğulları kandilleri benim huzurumda, Buluşma Çadırı'nda, Levha Sandığı'nın önündeki perdenin dışında, akşamdan sabaha kadar yanar tutacaklar. İsrailliler için kuşaklar boyunca sürekli bir kural olacak bu.”
Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.

< Misir'Dan Çikiş 27 >