< 2 Krallar 13 >
1 Yahuda Kralı Ahazya oğlu Yoaş'ın krallığının yirmi üçüncü yılında Yehu oğlu Yehoahaz Samiriye'de İsrail Kralı oldu ve on yedi yıl krallık yaptı.
Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre.
2 Yehoahaz RAB'bin gözünde kötü olanı yaptı ve Nevat oğlu Yarovam'ın İsrail'i sürüklediği günahlara katıldı. Bu günahlardan ayrılmadı.
Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi.
3 İşte bu yüzden RAB'bin İsrail'e karşı öfkesi alevlendi ve RAB onları uzun süre Aram Kralı Hazael'le oğlu Ben-Hadat'ın egemenliği altına soktu.
Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu.
4 Bunun üzerine Yehoahaz RAB'be yakardı. RAB onun yakarışını kabul etti. Çünkü İsrail'in çektiği sıkıntıyı, Aram Kralı'nın onlara neler yaptığını görüyordu.
Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe.
5 RAB İsrail'e bir kurtarıcı gönderdi. Böylece halk Aramlılar'ın egemenliğinden kurtuldu ve önceki gibi evlerinde yaşamaya başladı.
Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene.
6 Ne var ki Yarovam ailesinin İsrail'i sürüklediği günahları izlediler, bu günahlardan ayrılmadılar. Aşera putu da Samiriye'de dikili kaldı.
Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria.
7 Yehoahaz'ın elli atlı, on savaş arabası, on bin de yaya asker dışında gücü kalmamıştı. Çünkü Aram Kralı ötekileri harman tozu gibi ezip yok etmişti.
Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene.
8 Yehoahaz'ın krallığı dönemindeki öteki olaylar, bütün yaptıkları ve başarıları İsrail krallarının tarihinde yazılıdır.
Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
9 Yehoahaz ölüp atalarına kavuşunca, Samiriye'de gömüldü ve yerine oğlu Yehoaş kral oldu.
Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe.
10 Yahuda Kralı Yoaş'ın krallığının otuz yedinci yılında Yehoahaz oğlu Yehoaş Samiriye'de İsrail Kralı oldu ve on altı yıl krallık yaptı.
Yehoas zu fia le Yuda fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, eye wònɔ zi dzi ƒe wuiade le Samaria.
11 RAB'bin gözünde kötü olanı yaptı ve Nevat oğlu Yarovam'ın İsrail'i sürüklediği günahlardan ayrılmadı; onun yolunu izledi.
Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me.
12 Yehoaş'ın krallığı dönemindeki öteki olaylar, bütün yaptıkları, Yahuda Kralı Amatsya ile savaşırken gösterdiği başarılar İsrail krallarının tarihinde yazılıdır.
Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
13 Yehoaş ölüp atalarına kavuşunca, Samiriye'de İsrail krallarının yanına gömüldü ve tahtına Yarovam geçti.
Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe.
14 Elişa ölümcül bir hastalığa yakalandı. İsrail Kralı Yehoaş gidip onu ziyaret etti, “Baba, baba, İsrail'in arabası ve atlıları!” diyerek ağladı.
Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”
15 Elişa ona, “Bir yayla birkaç ok al” dedi. Kral yayla okları aldı.
Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ.
16 Elişa, “Yayı hazırla” dedi. Kral yayı hazırlayınca, Elişa ellerini kralın elleri üzerine koydu.
Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi.
17 “Doğuya bakan pencereyi aç” dedi. Kral pencereyi açtı. Elişa, “Oku at!” dedi. Kral oku atınca, Elişa, “Bu ok Aramlılar'a karşı sizi zafere ulaştıracak RAB'bin kurtarış okudur” dedi, “Afek'te onları kesin bozguna uğratacaksınız.”
Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.”
18 Sonra, “Öbür okları al” dedi. İsrail Kralı okları alınca, Elişa, “Onları yere vur” dedi. Kral okları üç kez yere vurdu ve durdu.
Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ.
19 Buna öfkelenen Tanrı adamı Elişa, “Beş altı kez vurmalıydın, o zaman Aramlılar'a karşı kesin bir zafer kazanırdın” dedi, “Ama şimdi Aramlılar'ı ancak üç kez bozguna uğratacaksın.”
Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!”
20 Elişa öldü ve gömüldü. Her ilkbaharda Moav akıncıları İsrail topraklarına girerlerdi.
Elisa ku eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo.
21 Bir keresinde İsrailliler, ölü gömerken akıncıların geldiğini görünce, ölüyü Elişa'nın mezarına atıp kaçtılar. Ölü Elişa'nın kemiklerine dokununca dirilip ayağa kalktı.
Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre.
22 Aram Kralı Hazael Yehoahaz'ın krallığı boyunca İsrailliler'e baskı yaptı.
Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me.
23 Ama RAB, İbrahim, İshak ve Yakup'la yaptığı antlaşmadan ötürü, İsrailliler'e iyilik etti. Onlara acıyıp yardım etti. Yok olmalarına izin vermedi. Onları şimdiye kadar huzurundan atmadı.
Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko.
24 Aram Kralı Hazael ölünce yerine oğlu Ben-Hadat kral oldu.
Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe.
25 Bunun üzerine İsrail Kralı Yehoaş, babası Yehoahaz'ın krallığı döneminde Hazael oğlu Ben-Hadat'ın savaşta ele geçirmiş olduğu kentleri geri aldı. Onu üç kez bozguna uğratıp İsrail kentlerine yeniden sahip oldu.
Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ.