< Psaltaren 126 >

1 En vallfartssång. När HERREN åter upprättade Sion, då voro vi såsom drömmande.
Mɔzɔha. Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la, míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.
2 Då blev vår mun uppfylld med löje och vår tunga med jubel; då sade man bland hedningarna: "HERREN har gjort stora ting med dem."
Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu, eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”
3 Ja, HERREN hade gjort stora ting med oss; däröver voro vi glada.
Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí, eya ta dzidzɔ yɔ mía me.
4 HERRE, upprätta oss igen, såsom du återför bäckarna i Sydlandet.
O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te, abe tɔʋu si le Gbegbe ene.
5 De som så med tårar skola skörda med jubel.
Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la, axa nu kple dzidzɔhawo.
6 De gå åstad gråtande och bära sitt utsäde; de komma åter med jubel och bära sina kärvar.
Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe.

< Psaltaren 126 >