< 1 Korinthierbrevet 2 >
1 När jag kom till eder, mina bröder, var det också icke med höga ord eller hög visdom som jag kom och frambar för eder Guds vittnesbörd.
Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o,
2 Ty jag hade beslutit mig för, att medan jag var bland eder icke veta om något annat än Jesus Kristus, och honom såsom korsfäst.
elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o.
3 Och jag uppträdde hos eder i svaghet och med fruktan och mycken bävan.
Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya.
4 Och mitt tal och min predikan framställdes icke med övertalande visdomsord, utan med en bevisning i ande och kraft;
Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.
5 ty eder tro skulle icke vara grundad på människors visdom, utan på Guds kraft.
Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o.
6 Visdom tala vi dock bland dem som äro fullmogna, men en visdom som icke tillhör denna tidsålder eller denna tidsålders mäktige, vilkas makt bliver till intet. (aiōn )
Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. (aiōn )
7 Nej, vi tala Guds hemliga visdom, den fördolda, om vilken Gud, redan före tidsåldrarnas begynnelse, har bestämt att den skall bliva oss till härlighet, (aiōn )
Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. (aiōn )
8 och som ingen av denna tidsålders mäktige har känt; ty om de hade känt den, så hade de icke korsfäst härlighetens Herre. (aiōn )
Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. (aiōn )
9 Vi tala -- såsom det heter i skriften -- "vad intet öga har sett och intet öra har hört, och vad ingen människas hjärta har kunnat tänka, vad Gud har berett åt dem som älska honom".
Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.
10 Ty för oss har Gud uppenbarat det genom sin Ande. Anden utrannsakar ju allt, ja ock Guds djuphet.
Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí.
11 Ty vilken människa vet vad som är i en människa, utom den människans egen ande? Likaså känner ingen vad som är i Gud, utom Guds Ande.
Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko.
12 Men vi hava icke fått världens ande, utan den Ande som är av Gud, för att vi skola veta vad som har blivit oss skänkt av Gud.
Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí.
13 Om detta tala vi ock, icke med sådana ord som mänsklig visdom lär oss, utan med sådana ord som Anden lär oss; vi hava ju att tyda andliga ting för andliga människor.
Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi.
14 Men en "själisk" människa tager icke emot vad som hör Guds Ande till. Det är henne en dårskap, och hon kan icke förstå det, ty det måste utgrundas på ett andligt sätt.
Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.
15 Den andliga människan åter kan utgrunda allt, men själv kan hon icke utgrundas av någon.
Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o.
16 Ty "vem har lärt känna Herrens sinne, så att han skulle kunna undervisa honom?" Men vi hava Kristi sinne.
“Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae afia nui?” Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si.